Miɖo Nya Ŋu le Kpekpewo me Atsɔ Atu Mia Nɔewo Ðoe
1 Woxlɔ̃ nu mí le Hebritɔwo 10:24 be “míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” Alesi míaɖo nya ŋui le hamea ƒe kpekpewo me nyuie atsɔ atu mía nɔewo ɖoe hã kpe ɖe esia ŋu. Nukatae wòle be míaɖo nya ŋu? Aleke míaɖo nya ŋui? Amekawoe wòaɖe vi na?
2 Bu alesi wòɖe vi na wò zi geɖe esi nèse ame bubuwo ɖo nya ŋu tẽ eme kɔ wòna nègase nyaa me ɖe edzi wòtu wò ɖo le gbɔgbɔ me la ŋu kpɔ. Mɔnukpɔkpɔ le wò hã asiwò be nàwɔ na wo nenema ke. Ne èkpɔa gome le kpekpeawo me la, èle eɖem fia be yeƒe didie nye be ‘yeatsɔ gbɔgbɔ me nunana aɖe ana’ wòade dzi ƒo na vavalawo katã.—Rom. 1:11, 12.
3 Alesi Nàwɔ Aɖo Nya Ŋu Nyuie: Mègaɖo nya ŋu legbee agblɔ nya sia nya le memamãa me o. Ŋuɖoɖo si tututu dim wole medzena le nyaŋuɖoɖo legbewo me o, eye woate ŋu axe mɔ na ame bubuwo be womaɖo nya ŋu o. Ele be woaɖo nya gbãtɔ si wobia le memamãa me ŋu kpuie, wòanye nyabiabia si woŋlɔ ɖe agbalẽa me la ƒe ŋuɖoɖo tẽ. Emegbe amesiwo ana ŋuɖoɖo bubuwo akpee ate ŋu aɖe alesi woatsɔ nyatia awɔ dɔe afia, alo agblɔ alesi mawunyakpukpuiawo ɖo kpe nya la dzii.—Kpɔ School Guidebook, axa 90-2.
4 Ne nyaŋuɖoɖo ŋu bubu na nètsia dzimaɖi la, do ŋgɔ nàdzra nyaŋuɖoɖo kpui aɖe ɖo, eye nàgblɔe na nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa be wòayɔ wò nàɖo memamã ma ŋu. Ne èwɔe alea le kpekpeawo me vaseɖe ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nyaŋuɖoɖo magasesẽ na wò boo o. Ðo ŋku edzi be Mose kple Yeremya woɖee fia be dzi menɔ yewo ƒo ne yewoaƒo nu le dutoƒo o. (Mose II, 4:10; Yer. 1:6, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.) Gake Yehowa kpe ɖe wo ŋu wonɔ eteƒe ƒo nu, eye akpe ɖe wò hã ŋuwò.
5 Amekawoe Wò Nyaŋuɖoɖoa Aɖe Vi Na? Eɖea vi na wò ŋutɔ elabena enaa nyateƒea tsia wò susu kple dzi me wu, eye wònana wònɔa bɔbɔe be nàɖo ŋku nyaa dzi emegbe. Azɔ hã, wò numeɖeɖe tuameɖoa ɖea vi na ame bubuwo ne wosee. Ne amesiame dze agbagba be yeaʋu yeƒe xɔse me le hamea ƒe kpekpewo me la, edea dzi ƒo na mí, eɖanye ame bibi, ɖevi, amesi ŋu kpena, alo ame yeye ye amea nye o.
6 Míeka ɖe edzi be míakpɔe be ‘nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina ŋutɔ’ ne wozã wo tsɔ tu ame nɔewo ɖo le kpekpewo me!—Lod. 15:23.