INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/99 axa 1
  • Mía Wɔla Gã la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mía Wɔla Gã la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔwòla—Nya Amesi Ƒomevi Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Wɔla La Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Edzrom Vevie be Manya Nu Geɖe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Do Ŋusẽ Wò Xɔse Be Yehowae Nye Wɔla La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 2/99 axa 1

Mía Wɔla Gã la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí!

1 Esime Yehowa di be yeaɖe nu me na Israel-vi tosẽlawo la, ebia be: “Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa?” (Yes. 40:28) Míenya mía Wɔla Gã la, eye míekpɔ alesi wòtsɔa ɖe le eme na mí lɔlɔ̃tɔe hã. Gake ame miliɔn geɖe kea ɖi le eƒe anyinɔnɔ ŋu alo susu aɖe si mewɔ ɖeka kple nusi Biblia gblɔ o le wo si ku ɖe eyama ŋu. Aleke míawɔ akpe ɖe wo ŋu?

2 Wotrɔ asi le agbalẽ yeye si nye Is There a Creator Who Cares About You? (Ðe Wɔla Aɖe Li si Tsɔ Ðe Le Eme na Wòa?) ŋu be wòakpe ɖe amesiawo ŋu. Ekpe ame butamewo be woade ŋugble le kpeɖodziawo ŋu. Agbalẽ sia si me nya siwo ɖe kpe kple eƒe numeɖeɖe wɔdɔɖeamedziwo akpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo axlẽe la dzi.

3 Nya Creator-gbalẽa me Nyawo Nyuie: Agbalẽa me nya veviwo nenɔ susu me na wò. Ta 2 vaseɖe 5 lia ƒo nu tso alesi xexeame katã, agbe, kple amegbetɔ wɔ va dzɔ kpakple amesi wɔ wo la ŋuti. Ta 6 vaseɖe 9 dzro Biblia kple Eŋlɔla, kpakple vevietɔ, nenye be kakaɖedzi le Mose ƒe Agbalẽ Gbatɔ̃ me nuwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖia ŋu me. Ta 10 lia ɖo biabia siwo ɖua ta na ame wu dometɔ ɖeka si nye, “Ne Wɔla la tsɔ ɖe le eme la, ke nukatae fukpekpe li alea gbegbe ɖo?” la ŋu eme kɔ nyuie.

4 Dze Agbagba Nàde Ŋugble Kple Amesiwo Kea Ði La: Nya siwo nàte ŋu azã atsɔ akpe ɖe amewo ŋui be Mawu ŋuti nukpɔsusu nyui nasu wo si la le Creator-gbalẽa ƒe axa 78-9 lia. Bia wo be: “Ðe gɔmedzedze nɔ xexeame sia?” Ame akpa gãtɔ agblɔ be enɔ si. Nenye nenemae la, bia be: “Ke ɖeko wòdze egɔme le eɖokui si ko loo alo ame aɖe alo nanee na?” Ame akpa gãtɔ lɔ̃na ɖe edzi be ame aɖee na. Esia akplɔ mí ayi nyabiabia mamlɛtɔ gbɔ: “Nane si li tegbee ye wɔ xexeame loo alo Ame aɖe si li tegbee ye wɔea?” Emedzodzro alea ate ŋu akpe ɖe ame geɖe ŋu be woakpɔe be Wɔla aɖe kokoko anɔ anyi.

5 Creator-gbalẽae nye nusi tututu ame geɖe hiã. Gblɔ eme nyawo na ƒowòmetɔwo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame nyanyɛ bubuwo. Nenɔ ŋuwò le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ale be nàte ŋu atsɔe ana amesiwo nàdo goe siwo kea ɖi le Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu. Ne míenya agbalẽ sia me nyawo nyuie la, míaƒe lɔlɔ̃ na mía Wɔla la hã nu asẽ ɖe edzi eye esia aʋã mí be míayi edzi anɔ zɔzɔm ɖe eƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi.—Ef. 5:1; Nyaɖ. 4:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe