Kristo ƒe Ku ƒe Ŋkuɖodzizã Ðuɖu le Xexeame Katã
1 Yehowa na nu gbogbo aɖe mí. Woɖɔ eƒe dɔmenyonyo kple amenuvevewo katã le nya sia me be “eƒe nunana manyagblɔ la.” Ẽ, “Mawu ƒe amenuveve” wɔ nuku ale gbegbe be míate ŋu aƒo nu tso alesi gbegbe wòloloe ŋu wòade edeƒe o.—Kor. II, 9:14, 15.
2 Eƒe Nunana Vevitɔ Kekeake: Yesu Kristo, si nye ameƒomea ƒe Tafexela, ye nye nunana vevitɔ kekeake. Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto na ameƒomea ɖeɖefia me la, etsɔ eƒe Tenuvi lɔlɔ̃a na. (Yoh. 3:16) Esɔ be míaɖo ŋku Mawu ƒe yayra sia si míedze na o la dzi le xexeame katã. Ɣekaɣi eye aleke? Le Yawoɖa, April 1, 1999, ƒe fiẽ la, Kristotɔ siwo le xexeame katã aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe ŋkuɖodzizã, si anye vɔsa vevitɔ kekeake sia ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu.—Kor. I, 11:20, 23-26.
3 Kristo ku ɖe mía ta “esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo,” eye míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã ɖuɖu kple to amewo kpekpe be woayi wɔna vevitɔ kekeake sia wɔƒe kpli mí me.—Rom. 5:8.
4 Nudzɔdzɔ Vevitɔ Kekeake: Nu vevitɔ si dze ƒã le Kristo ƒe kua ƒe ŋkuɖodzizã ɖuɖu mee nye be eʋli Mawu ƒe dziɖulanyenye ta kpɔtsotso manɔŋutɔe. Egaɖo ŋku edzi na mí hã be tenɔnɔ dzadzɛ ate ŋu anɔ mía si le Yehowa ŋkume to Yesu ƒe vɔsa dzixɔxɔse me, esi ana be míakpɔ xɔxɔ. (Dɔw. 4:12) Nyateƒee, esia nye nudzɔdzɔ vevitɔ kekeake le ƒea me!
5 Anye lɔlɔ̃ ɖeɖefia ne míekpe mía haviwo be woayi Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuƒe kpli mí. Tafea ƒe viɖewo kpɔtɔ li na ame miliɔn gbogbo siwo asrɔ̃ nu tso eƒe viɖe si ƒo ɖesiaɖe ta ŋu. (Fil. 3:8) Mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le le amesiwo ɖe Kristo ƒe vɔsa la dzixɔxɔse fia si be yewoƒe asi ate ŋu asu agbe mavɔ la dzi.—Yoh. 17:3.
6 Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mí be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe amenuveve gbogbo la ŋu. Ɣeyiɣi sia nye ɣeyiɣi nyui aɖe ŋutɔ si me míakpɔ gome dzonɔamemetɔe le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia me. Yayra gãwo le amesiwo bu Yehowa ƒe nunana manyagblɔ la ŋu le gbedodoɖa me eye wowɔ ɖoɖo be yewoayi Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuƒe le ƒe sia me la lalam!