INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/99 axa 7
  • Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Nɔvinyɔnu Siwo Le Miaƒe Hamea Me Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Ðe Nèwɔa Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu Abe Ale Si Yehowa Wɔnɛ Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • ‘Nyɔnu Siwo Le Agbagba Dzem Vevie le Aƒetɔ la Me’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Na Wò Lɔlɔ̃ Na Yehowa Kple Nɔviwò Kristotɔwo Nagasẽ Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 6/99 axa 7

Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋua?

1 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hamea me tɔwo be ‘woalé be na wo nɔewo sɔsɔe.’ (Kor. I, 12:25) Eyata ele be míatsɔ ɖe le eme na mía nɔewo eye míalɔ̃ faa ana kpekpeɖeŋu ne wòhiã. Kpɔɖeŋu ɖekae nye be míaƒe gbɔgbɔmenɔvinyɔnu aɖewo ɖeka koe le wo viwo hem le nyateƒea me. Ðeviawo nyinyi le gbɔgbɔ me ƒe agba katã le nɔvinyɔnu siawo dzi. Le nyateƒe me la, edze be míade dzi ƒo na wo dɔmenyotɔe ahakpe ɖe wo ŋu ‘le woƒe hiãtuamewo nu.’ (Rom. 12:13a) Ðe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋua?

2 Mɔ Siwo Nu Nàte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le: Nana be wo dometɔ siwo si ʋu mele o naɖo gbɔwò ayi kpekpewo kple takpekpewo ana be ƒomea ƒe gazazã dzi naɖe akpɔtɔ. Ðeviwo xɔxɔ na vidada le kpekpewo me ana wòakpɔ viɖe geɖe wu tso nuƒoawo me. Nenema ke ne èbia be ɖeviawo dometɔ aɖe nakplɔ ye ɖo ayi gbeadzi la ana gbɔɖeme aɖee. Ðetsɔleme vavãtɔ ɖeɖe fia ɖeviawo—xɔlɔ̃dzedze kpli wo—ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe míaƒe sɔhɛwo dzi. Dzilaɖekɛƒome kpekpe be woava wɔ ɖeka kpli mi le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ me ɣeaɖewoɣi anye gbɔgbɔmetutuɖo nyui aɖe.

3 Ðɔ Ŋu Ðo: Ele be míakpɔ nyuie be míagazi míaƒe kpekpeɖeŋu nana ɖe amesi kpɔ be mehiã o la dzi o. Míadi hã be míanɔ nu dem amea ƒe ƒomenya siwo metsɔ mía gbɔ o me ne míele kpekpeɖeŋu nam o. Le nyateƒe me la, asɔ wu be nɔvinyɔnuwo kple srɔ̃tɔwo nana kpekpeɖeŋu nɔvinyɔnu si hiã tu.

4 Wode dzi ƒo na Kristotɔwo katã be ‘woanɔ amedzrowɔwɔ na wo nɔewo dzi.’ (Rom. 12:13b) Kpekpeɖeŋu nana míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo nye mɔ vovovo siwo dzi míaɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo le la dometɔ ɖeka.—Yoh. 13:35.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe