INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/00 axa 8
  • Bia Kpekpeɖeŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bia Kpekpeɖeŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • ‘Yɔ Hamemetsitsiwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • “Mikplɔ Mawu Ƒe Alẽha Si Le Miaƒe Dzikpɔkpɔ Te La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðoɖo Si Nu Nuwo Le Le Kristo Hamea Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 3/00 axa 8

Bia Kpekpeɖeŋu

1 Nyagbɔgblɔ ‘ɣeyiɣi siwo me nɔnɔ asẽ,’ si tso gbɔgbɔ me la ɖɔ ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele la wòsɔ nyuie. (Tim. II, 3:1) Eyata nukae nàwɔ ne èdo go gbɔgbɔ me gbetɔame sesẽ siwo nèbu be yemate ŋu anɔ te ɖe wo nu o?

2 Ðe nàlɔ̃ aƒo nu tso eŋu na hamea me tɔ aɖe si tsi le gbɔgbɔ mea? Ðewohĩ ame aɖewo ahe ɖe megbe le ŋukpe ta, alo le esi medi be yeaɖe fu na ame, alo meka ɖe edzi be ame aɖe ate ŋu akpe ɖe ye ŋu ŋutɔŋutɔ o ta. Ele eme be míadze agbagba akpɔ mía ŋutɔwo ƒe agbanɔamedziwo gbɔ alesi míate ŋui ya, gake ele be míalɔ̃ faa abia kpekpeɖeŋu le nya siwo lɔ míaƒe gbɔgbɔmenyonyo ɖe eme la me.—Gal. 6:2, 5.

3 Afisi Míadze Egɔme Tsoe: Àte ŋu ate ɖe wò agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla ŋu eye nàgblɔ nɛ be yedi be yeayi gbeadzi kplii. Esia ana mɔnukpɔkpɔ wò nàgblɔ wò didi be yeatsi le gbɔgbɔ me la nɛ. Ne subɔsubɔdɔwɔlae wònye la, nà wòanya gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu siwo nèhiã ale be wòagblɔe na hamemegãwo woana kpekpeɖeŋu wò. Alo àte ŋu ate ɖe hamemegã ɖesiaɖe ŋu agblɔ nusiwo me nèhiã kpekpeɖeŋu le nɛ.

4 Kpekpeɖeŋu ka ƒomevie nèhiã? Ðe nane wɔe be wò dzonɔameme nu faa? Dzilaɖekɛ si le agbagba dzem vevie be ye viwo nazɔ aduadu kple hamea ye nènyea? Ðe nènye ame tsitsi si hiã kpekpeɖeŋua? Alo ɖe kuxi aɖe le dzi ɖem le ƒowòa? Akɔkpekpe kple ɣiyiɣi sesẽ siwo me míele ate ŋu asesẽ—gake menye nusi míate ŋu awɔ o. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

5 Alesi Ame Tsitsiwo Kpena Ðe Ame Ŋui: Hamemegãwo tsɔ ɖe le eme na mí ŋutɔŋutɔ. Woaɖo to nyuie ase wò dzimaɖitsitsiwo. Ne kuxi ma ƒomevi le fu ɖem na gbeƒãɖela bubuwo hã la, hamemegãwo aƒo nu tso esia ŋu ne wole alẽawo kplɔm kple ne wole nu fiam le hamea me. Esi wonye “kpɔɖeŋu na hame la” ta la, wole klalo ɣesiaɣi be yewoawɔ nu aduadu kple wò dzidzɔtɔe. (Pet. I, 5:3) Toɖoɖo nyuie ne nɔviŋutsu kpɔnuteƒe siawo le nu ƒom tso Biblia me gɔmeɖosewo ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò subɔsubɔ naganyo ɖe edzi wu eye akpe ɖe ŋuwò le wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ me.—Tim. II, 3:16, 17.

6 Yesu na nunana geɖe siwo dome “nunana siwo nye amewo” hã le la mí. (Ef. 4:8, NW ƒe etenuŋɔnlɔ.) Esia fia be wò tae hamemegãwo li ɖo. Woli be woakpe ɖe ŋuwò. Wonye ‘tɔwò’ le kpɔɖeŋumɔ nu. (Kor. I, 3:21-23) Eyata le esi teƒe be nànɔ hehem ɖe megbe la, ƒo nu kple wo boŋ. Bia kpekpeɖeŋu si nèhiã la tso wo gbɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe