INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/00 axa 8
  • “Aleke Mate Ŋui, Ne Ame Aɖeke Mefiam Oa?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Aleke Mate Ŋui, Ne Ame Aɖeke Mefiam Oa?”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 2003 “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Ŋkuléle Ðe Nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Hiã Kpata ƒe Zɔɖeɖe Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Evelia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 6/00 axa 8

“Aleke Mate Ŋui, Ne Ame Aɖeke Mefiam Oa?”

1 Esime nyanyuigblɔla Filipo bia Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ne ese nusi xlẽm wònɔ tso Mawu ƒe Nya la me gɔme la, ŋutsua ɖo eŋu be: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Filipo tsɔ dzidzɔ kpe ɖe eŋu wòse Yesu ŋuti nyanyuia gɔme, si na ŋutsua xɔ nyɔnyrɔ enumake. (Dɔw. 8:26-38) Dɔ si Kristo de mía si be ‘míawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, eye míana nyɔnyrɔ wo ahafia nu wo’ la wɔmee Filipo nɔ.—Mat. 28:19, 20.

2 Ele be míawɔ dɔ si wode asi na mí be míawɔ nusrɔ̃lawo, abe alesi Filipo wɔe ene. Gake míekpɔa Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi afɔtsɔtsɔe la tɔgbe le amesiwo míesrɔ̃a Biblia kpli la ŋu zi geɖe o. Dzi si xɔa nya nɔ ŋutsu ma si nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ si nya Ŋɔŋlɔawo nyuie la si eye nusi wòhiã koe nye be wòaxɔ Yesu be enye Mesia si ŋugbe wodo la. Enyea kuxi ne amesiwo míesrɔ̃a nu kpli menya Biblia o, alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo kplɔ wo trae, alo ame ŋutɔ ƒe kuxiwo ɖe kpe na wo. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míafia mɔ Biblia-nusrɔ̃viwo ayi adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ dzidzedzetɔe?

3 De Dzesi Biblia-Nusrɔ̃via ƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo: August 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa ƒe emedegbalẽvia dzro ɣeyiɣi didi si míate ŋu azã atsɔ asrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze-gbalẽa kple amewoe me. Ena mɔfiafia sia be: “Ele vevie be míabu nusrɔ̃via ƒe nɔnɔmewo kple ŋutete ŋu hafi anya alesi nusɔsrɔ̃a nazɔe. . . . Mele be míatsi dzi ɖe agbalẽa nu wuwu kaba ŋu si ate ŋu ana nugɔmesese nyuie nato nusrɔ̃via ŋu o. Nusrɔ̃la ɖesiaɖe hiã Mawu ƒe Nya la me gɔmeɖoanyi like na xɔse yeye si su esi la.” Eyata enyo be míagaƒu du to Sidzedze-gbalẽa me nyawo me dzradzradzra kple susu be míawu agbalẽa sɔsrɔ̃ nu le ɣleti ade me o. Axɔ ɣeyiɣi geɖe si wu ɣleti ade hafi míate ŋu akpe ɖe ame aɖewo ŋu woawɔ ŋgɔyiyi aɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Ne èle nusɔsrɔ̃a wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa la, zã ɣeyiɣi si hiã tsɔ kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nusi srɔ̃m wòle tso Mawu ƒe Nya la me gɔme. Le ame aɖewo gome la, axɔ kwasiɖa eve alo etɔ̃ hafi miawu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta ɖeka nu. Esia ana míakpɔ ɣeyiɣi axlẽ ŋɔŋlɔ geɖe siwo me nyawo womeŋlɔ ɖe agbalẽa me o la ahaɖe wo me.—Rom. 12:2.

4 Gake nukae nàwɔ ne èkpɔe le Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ vɔ megbe be ehiã be nusrɔ̃via nadzi eƒe nyateƒea gɔmesese ɖe edzi alo be meɖoe tututu be yeanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi ahatsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu o? (Kor. I, 14:20) Nukae nàgate ŋu awɔ afia mɔ si ɖo ta agbe me lae?—Mat. 7:14.

5 Kpɔ Biblia-Nusrɔ̃via ƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ: Ne edze be amea le ŋgɔyiyi wɔm, togbɔ be mele tsɔtsɔm o hã, eye wòva le ŋudzedze kpɔm ɖe nusi srɔ̃m wòle ŋu la, ekema yi Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi kplii le agbalẽ evelia aɖe me ne miewu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa kple Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu. Esia mahiã le amesiame gome ya o, gake ne wòhiã la, ke miyi nusɔsrɔ̃a dzi le True Peace ƒe agbalẽa, Tadedeagu-gbalẽa, alo God’s Word ƒe agbalẽa me. Agbalẽ siawo le gbeƒãɖela akpa gãtɔ si woazã ne mele hamea si o. Woate ŋu adɔ wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso Habɔbɔa gbɔ. Ele be míasrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze-gbalẽa kple amesiame gbã. Ele be woabu Biblia-nusɔsrɔ̃, tɔtrɔyiwo, kple ɣeyiɣi si wozã tsɔ yi nusɔsrɔ̃a dzi ƒe akɔnta ana, ne nusrɔ̃via xɔ nyɔnyrɔ hafi wu agbalẽ evelia sɔsrɔ̃ nu hã.

6 Ðe esia fia be ele be woagakpe ɖe amesiwo xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laa siwo srɔ̃ agbalẽ ɖeka ko la ŋu be woasrɔ̃ agbalẽ eveliaa? Mehiã kokoko o. Gake ɖewohĩ wodzudzɔ gbeadzi yiyi alo womeyi ŋgɔ le nyateƒea me o, eye woabu be yewoahiã kpekpeɖeŋu be yewoate ŋu awɔ nyateƒea ŋudɔ le yewoƒe agbe me geɖe wu. Ele be woakpɔ subɔsubɔdɔdzikpɔla hafi agadze nusɔsrɔ̃ gɔme kple gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ. Gake ne ènya ame aɖewo siwo srɔ̃ sidzedze-gbalẽa va yi gake womete ŋu wɔ ŋgɔyiyi ɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ o la, ɖewohĩ àdi be yeaxɔ ŋgɔ akpɔe ɖa ne woadi be yewoagadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme hã.

7 Enye Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe dzesi be mía ŋutɔwo míalé fɔ ɖe ɖetsɔlemetɔ ɖesiaɖe si míesrɔ̃a nu kpli ŋu. Míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase Mawu ƒe Nya la me nyateƒea gɔme ayi to. Esia ana be wòate ŋu anɔ te ɖe nusi wònya dzi aɖoe koŋ be yeanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi eye wòatsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa ahatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.—Ps. 40:9; Ef. 3:17-19.

8 Èɖo ŋku nusi dzɔ le Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe dzia? “Edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ” le esi wòzu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la yeye ta. (Dɔw. 8:39, 40) Neva eme be mía kple amesiwo míate ŋu akplɔ va nyateƒea ƒe mɔ dzi míakpɔ dzidzɔ geɖe le Yehowa Mawu subɔsubɔ me—tso fifia vaseɖe mavɔ me!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe