INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/00 axa 8
  • Kpekpeawo Ðea Vi na Sɔhɛwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpeawo Ðea Vi na Sɔhɛwo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Alesi Míawɔ Ase Vivi na Kpekpeawo Wu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 8/00 axa 8

Kpekpeawo Ðea Vi na Sɔhɛwo

1 Ðetugbivi ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Ewɔna nam ɣeaɖewoɣi be sɔhɛwoe nye amesiwo toa nɔnɔme sesẽwo me wu le agbe me. Amesiwo wɔa matre, zãa atikevɔ̃ɖiwo, hemua aha domee míele.” Aleae nèsena le ɖokuiwò mea? Ne aleae la, ke nukae nèsusu be akpe ɖe ye ŋu yeawɔ aʋa kple ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siawo? Èhiã xɔse, xɔse sẽŋu be Yehowa ƒe mɔwoe nye nyuitɔ, elabena xɔse manɔmee la, “míate ŋu adze Mawu ŋu o.” (Heb. 11:6) Hamea ƒe kpekpewo dede ado ŋusẽ Kristotɔwo ƒe kakaɖedzi sẽŋu si le asiwò kple wò tameɖoɖo kplikpaa be yeaƒo asa na nusi nye vɔ̃.

2 Kpekpeawo Aɖe Vi Geɖe na Wò: Nukae na be míesea vivi na nuɖuɖu vivi ɖuɖu kple mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo? Ðe menye nuɖuɖu nyuia kple hadede si yia edzi le dziɖeɖi me tae oa? Nu nyui mawo kee míekpɔna tsoa míaƒe kpekpeawo me, gake le gbɔgbɔmegɔmesese nu.

3 Nusiwo me míedzrona le kpekpeawo me tua ame ɖo, tso nya siwo ƒo nu tso gbesiagbegbenɔnɔ me kuxiwo ŋu vaseɖe Biblia me nyagblɔɖi dodzidzɔnamewo dzi. Wonaa nufiame siwo ŋu viɖe le mí le alesi míanɔ agbe le mɔ nyuitɔ kekeake nu vaseɖe alesi míanɔ te ɖe kuxi siwo dzea ŋgɔ mí nu dzi. Zɔhɛ siwo míedoa goe le kpekpeawo me nye nyuitɔ kekeake siwo míate ŋu ado goe le afisiafi, eye gbɔgbɔmenɔnɔmea nyoa ame ŋu eye wònɔa dedie. (Ps. 133:1) Mewɔ nuku o be sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Meyia suku gbesiagbe, eye etea ɖeɖi ŋunye. Gake kpekpeawo le abe tsiteƒe siwo le gbedadaƒo ene, afisi ŋusẽ gaɖoa ŋunye le metsɔ yia suku ŋufɔke.” Bubu gblɔ be: “Mede dzesii be hadede kplikplikpli kple ame bubu siwo lɔ̃ Yehowa kpena ɖe ŋunye mía kplii dome nɔa kplikplikpli wu.”

4 Ne èŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, àsrɔ̃ alesi nàƒo Biblia me nyatakakawo nu ƒui, atrɔ asi le eŋu wòazu nuƒo, eye emegbe nàgblɔe le dzeɖoɖomɔ nu na nyaselawo le Fiaɖuƒe Akpata me. Kpɔ viɖe si wònye be woana hehe wò nàfia agbexɔxɔ ƒe nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nya la me aɖaŋutɔe ɖa! Teƒe bubu ka hãe sɔhɛwo agate ŋu akpɔ hehe xɔasi sia le axɔ?

5 Alesi Nàwɔ Kpekpeawo Naɖe Vi Gbogbotɔ Kekeake na Wò: Nu vevi etɔ̃ ye awɔe be kpekpeawo naɖe vi gbogbotɔ kekeake na wò. Woawoe nye dzadzraɖo, gomekpɔkpɔ le eme, kple etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me.

6 Dzra Ðo ɖe Wo Ŋu: Ðo ɣeyiɣi ɖi edziedzi nàtsɔ adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu. Mègana sukudɔdasi, ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui, alo modzakaɖeɖe naxɔ ɣeyiɣi si nèhiã atsɔ ato nya siwo me woadzro le kpekpe ɖesiaɖe me do ŋgɔ la le asiwò o. Edea ame dzi ne ɖoɖowɔɖi nyui le ame si. Gbãtɔ kple vevitɔ enye be nàxlẽ Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si wowɔ na Teokrasi Subɔsubɔ Sukua. Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko wòxɔna ŋkeke ɖesiaɖe be míaxlẽ ta siwo wode asi na mí eye be míade ŋugble le wo ŋu. Ðo ɣeyiɣi aɖe ɖi na Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a. Ame aɖewo wɔnɛ ŋkeke ɖeka alo eve do ŋgɔ na kpekpe mawo. Dzra ɖo ɖe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖia hã ŋu nenema ke alesi wòanya wɔ na wòe.

7 Kpɔ Gome le Wo Me: Biblia gblɔ be esi Yesu xɔ ƒe 12 la, wokpɔe le gbedoxɔa me wònɔ to ɖom, nɔ nya biam, eye wònɔ nyabiabiawo ŋu ɖom. (Luka 2:46, 47) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ekpɔ gome le eme bliboe. Kpekpeawo aɖe vi na wò wu ne èdze agbagba be yeakpɔ gome le wo me.—Lod. 15:23.

8 Gbã la, ehiã be wò susu nanɔ nusi fiam wole le kpekpeawo me ŋu nyuie. Ɣeaɖewoɣi toɖoɖo nuƒo sesẽna wu eƒoƒo. Nukatae? Wò susu ate ŋu anɔ tsatsam ne ame bubue le nua ƒom. Aleke míawɔ axe mɔ na esia? Eyae nye be míawɔ nuŋlɔɖiwo. De dzesi nyati vevi siwo nàdi be yeagaxlẽ emegbe ɖi. Nuwo ŋɔŋlɔ ɖi akpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ nuƒoawo ŋu. Ʋu ŋɔŋlɔawo, eye nàxlẽ wo akplɔ nuƒola ɖo ne ele wo xlẽm.

9 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖoe wò taɖodzinui be nàkpɔ gome le nyabiabia kple ŋuɖoɖo numedzodzro ɖesiaɖe me le kpekpeawo me. Aɖe vi geɖe na wò ne èɖo nya ŋu le wò ŋutɔ wò nyagbewo me. Lododowo 15:28 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.”

10 De Nusiwo Nèsrɔ̃ Dɔwɔwɔ Me: Afɔ mamlɛtɔ si nàɖe enye be nàkpɔ egbɔ be nusi nèsrɔ̃ le ‘dɔ wɔm le mewò.’ (Tes. I, 2:13) Ne ètsɔ nu nyui siwo nèsrɔ̃ le kpekpe ɖesiaɖe me de dɔwɔwɔ me la, ana mia kple Yehowa Mawu dome aganɔ kplikplikpli wu. Anye ame ŋutɔŋutɔ na wò, eye àkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe esi nèyi edzi le ‘zɔzɔm le nyateƒea me’ eye nètsɔe le tɔwò wɔmee.—Yoh. III, 4.

11 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu sɔhɛwo, ne mieyi edzi dzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu edziedzi, miekpɔa gome le wo me, eye mietsɔ nusiwo miesrɔ̃ dea dɔwɔwɔ me la, ana miase vivi na kpekpeawo bliboe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woaɖe vi gbogbotɔ kekeake na mi. Ŋusẽ aɖo miaƒe xɔse kple miaƒe tameɖoɖo kplikpaa be miayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, mia Fofo si le dziƒo la ŋu.—Ps. 145:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe