INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/01 axa 7
  • Lé Ŋku Ðe Mawu ƒe Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lé Ŋku Ðe Mawu ƒe Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Nya Dzi Wɔlawo Kpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • ‘Nyadziwɔla’ Kpɔdzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi Kple Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • “Nusita Wòle Be Míalé Ŋku Ðe Mawu ƒe Dɔ Wɔnukuwo Ŋu”
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 2/01 axa 7

Lé Ŋku Ðe Mawu ƒe Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Ŋu

1 Míeƒo ƒu kpɔ gome le “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpe me ŋkeke etɔ̃ blibo. Míeɖe míaƒe susuwo ɖa le agbe ƒe gbesiagbe dzimaɖitsitsiwo ŋu hetrɔ ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu. Wotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòadzi míaƒe dzixɔse ɖe Mawu kple eƒe Nya la me ɖe edzi, be wòado ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodo, eye be wòado ŋusẽ míaƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Aleke nusiwo wofia mí la le vi ɖem na míi?—Yoh. 13:17.

2 Ƒomewo Ðoa To Mawu ƒe Nya La: Nuƒo kpui siwo nye “Ðo To Mawu ƒe Nya La” kpe ɖe mía ŋu be míelé ŋku ɖe míaƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme ŋu. Nusɔsrɔ̃ dzɔa dzi na ɖeviwo. Eyata wode dzi ƒo na dzila siwo sroa Mawu ɖa be woana ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ nanye gɔmeɖokpe si dzi woatu ƒome si sẽ ŋu le gbɔgbɔ me ɖo. Ƒome ƒe ta geɖe le agbalẽ gbadza yeye si nye Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃! la srɔ̃m kple wo vi suewo. Esia akpe ɖe wo ŋu be woatu ƒomedodo si me dzidzɔ kple dedienɔnɔ le ɖo kple Yehowa. Dzilawo, mifia mia viwo alesi woazɔ ɖe Mawu ƒe nukpɔsusuwo nui. Alesi wò ŋutɔ nèlɔ̃ eyama kple eƒe nuwɔwɔwoe nedze le wò nuƒoƒo me. (Ps. 103:2) Miwɔ nu ɖekae be miaɖo Ŋɔŋlɔawo me taɖodzinu ɖɔʋu siwo do ƒome kple ameɖokuitsɔtsɔna Yehowa subɔsubɔ bliboe gbɔ.

3 Mawu ƒe Nya Kɔa Mɔ Me na Mí: Dzi dzɔ mí esi míexɔ agbalẽ yeye si nye Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I. Afikae nèxlẽ babla gbãtɔ sia se ɖo? Yesaya ƒe agbalẽa gblɔ nya ɖi ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ wɔnublanui si ava dukɔ mavɔ̃mawuwo dzi kple Fiaɖuƒe ŋugbedodo nyui siwo li na Mawu ƒe amewo la ŋu. (Yes. 34:2; 35:10) Etua ame ƒe xɔse kple kakaɖedzi hã ɖo ɖe Yehowa kple alesi wòwɔa nui ŋu.—Yes. 12:2-5.

4 Ne èxlẽ Yesaya ƒe Nyagblɔɖi I, la, àkpɔ alesi Yesaya yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa le esime vɔ̃ɖinyenye ƒo xlãe. Esi wokpe Yesaya be wòanye Mawu ƒe dɔla la, eɖo eŋu be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yes. 6:8) Ŋugbledede le alesi wòlɔ̃ faa tsɔ eɖokui nae ŋu ade dzi ƒo na wò be nàyi edzi aɖe gbeƒã nyanyuia, akpɔ gome le “ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” me bliboe.—Mat. 24:14.

5 Ne míewɔ nu wòsɔ ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo nu la, ado eƒe gãnyenye ɖe dzi. Eyata kpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nànye Mawu ƒe nya dzi wɔla la ŋu!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe