Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Kple Wò Mɔnukpɔkpɔ be Nàɖe Gbeƒã
1 Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame dzi—ete ŋu nyea nyuia alo vɔ̃a. Mía nɔvi Yehowa subɔlawo kpɔa ŋusẽ nyui aɖe ɖe mía dzi si ʋãa mí na Kristotɔwo ƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ. (Heb. 10:24) Gake míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, aƒelikawo, alo ame nyanyɛ bubuwo ate ŋu aƒo nya ɖe mía nu be míawɔ nusi tsi tre ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Ate ŋu adzɔ be ‘woagblɔ nya vlowo ɖe míaƒe agbenɔnɔ nyui si le Kristo me la ŋu.’ (Pet. I, 3:16) Aleke míawɔ ayi edzi alé tame si míeɖo kplikpaa be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi la me ɖe asi togbɔ be mía hatiwo aƒo nya ɖe mía nu be míadzudzɔ hã?
2 Ƒometɔwo: Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃ŋutsu kple vifofo si menye Yehowa Ðasefo o madi be srɔ̃a kple viawo nakpɔ gome le dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ me o. Nusiae dzɔ le ƒome aɖe me le Mexico. Ŋutsu aɖe srɔ̃ kple via adre xɔ nyateƒea. Gbã ŋutsua tsi tre ɖe wo ŋu elabena medi be yeƒe ƒomea nanɔ gbeƒã ɖem anɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo nam tso aƒeme yi aƒeme o. Ebui be mede bubu yewo ŋu o. Gake nyɔnua kple ɖeviawo tɔ afɔ to sesĩe le woƒe nyametsotso be yewoasubɔ Yehowa, eye yewoayi edzi awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa edziedzi la me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋutsua va de dzesi vevienyenye si le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ ŋu, eye eya ŋutɔ hã va tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Ƒe 15 sɔŋ va yi hafi wòxɔ nyateƒea, gake ɖe wòate ŋu ava xɔe gbaɖegbe ne eƒe ƒomea melé gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe oa?—Luka 1:74; Kor. I, 7:16.
3 Dɔwɔhatiwo: Ame aɖewo makpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si nàdze be yeaɖi ɖase na dɔwɔhatiwo ŋu o. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be esime yewonɔ nu ƒom tso xexeame ƒe nuwuwu ŋu le dɔwɔƒe la, woɖu fewu le ye ŋu esi yedoe ɖa be woaxlẽ Mateo ta 24. Gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, eƒe dɔwɔhati aɖe gblɔ nɛ be yexlẽ ta ma eye nusi yexlẽ la wɔ dɔ ɖe ye dzi. Ena agbalẽe, eye wowɔ ɖoɖo be woasrɔ̃ Biblia kple nyɔnua kpakple srɔ̃a. Nusɔsrɔ̃ gbãtɔa yi edzi va ɖo ŋufɔke ƒe ŋdi ga eve me. Le nusɔsrɔ̃ etɔ̃lia megbe la, wote kpekpewo yiyi, eye emegbe kpuie la, wodzudzɔ atamazazã hedze gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me gɔme. Ðe nusia adzɔ ne mía nɔvinyɔnua medze agbagba be yeaƒo nu tso yeƒe mɔkpɔkpɔ ŋu na ame bubuwo oa?
4 Sukuhatiwo: Ebɔ be sɔhɛ siwo nye Ðasefowo ƒe hatiwo naƒo nya ɖe wo nu le suku si wɔnɛ be wovɔ̃na be yewo tɔ sɔhɛ bubuawo aɖi gbɔ yewo ne yewole gbeƒã ɖem. Kristotɔ ƒewuivi aɖe si le United States gblɔ be: “Vɔvɔ̃ ɖoam tsã be maɖi ɖase na sɔhɛ bubuwo elabena mevɔ̃na be woava kom.” Eyata mezãa ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo ʋuna nɛ le suku kple le anyigbamamaa me o. Aleke nàwɔ ŋusẽ naɖo ŋuwò nànɔ te dzideƒotɔe ɖe mia tɔwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu? Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye nàdi be yeƒe nu nadze eŋu. (Lod. 29:25) Na ŋutete si le asiwò be nàzã Mawu ƒe Nya la le wò subɔsubɔdɔa me la nanye dada na wò. (Tim. II, 2:15) Sɔhɛ si ƒe nya míegblɔ va yi la va nɔa gbe dom ɖa na Yehowa eye wòbianɛ be wòakpe ɖe ye ŋu dzodzroa naɖo ye me be yeaƒo nu na ye tɔ sukuviwo. Edze vomeɖaseɖiɖi gɔme le sukua eye kutsetse nyuiwo do tso eme, eye eteƒe medidi hafi wòva nɔ nu ƒom na amesiame si wònya o. Egblɔ tsɔ wu nu be: “Ehiã be etsɔme mɔkpɔkpɔ nanɔ sɔhɛ mawo si eye wodina be wòanɔ yewo si hã, eye míawo zãm Yehowa le be yeatsɔ akpe ɖe wo ŋui.”
5 Aƒelikawo: Amesiwo míenye kple míaƒe dzixɔsewo ate ŋu ave dɔme na míaƒe aƒelika alo ame nyanyɛ aɖewo. Ne èvɔ̃na na nusi woasusu la, ke bia ɖokuiwò se be: ‘Wonya nyateƒe si kplɔa ame yia agbe mavɔ mea? Nukae mate ŋu awɔ aɖo woƒe dzi gbɔ?’ Nutome sue dzikpɔla aɖe de dzesii be ne míeɖia ɖase na aƒelikawo kpuie edziedzi la, ete ŋu tsea ku nyuiwo. Ðe kuku na Yehowa be wòado ŋusẽ si hiã la wò eye wòana nunya wò be nàyi edzi anɔ dzianukwaretɔwo dim.—Fil. 4:13.
6 Adzɔ dzi na tsitretsiɖeŋulawo ne míeɖe mɔ nyaƒoɖeamenu siwo ɖea dzi le ame ƒo ɖu mía dzi, gake ɖe wòaɖe vi na wo—kple míawo hã? Nuto si me Yesu nɔ me tɔwo ŋutɔ tsi tre ɖe eŋu. Dadaviawo ke hã gblɔ tsitretsiɖeŋunyawo ɖe eŋu. Gake enya be ne yeyi edzi lé dɔ si Mawu de asi na ye me ɖe asi ko hafi yeate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Esia ta Yesu ‘do dzi le nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe si agblẽ nu le woa ŋutɔwo ŋu la me.’ (Heb. 12:2, 3) Ele be míawo hã míado dzi nenema ke. Ðoe kplikpaa be nàzã mɔnukpɔkpɔ si wònye na wò be nàɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Ne èwɔ esia la, “àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.”—Tim. I, 4:16.