INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/01 axa 8
  • Ðe Nèdi Be Yeawɔ Geɖe Wua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèdi Be Yeawɔ Geɖe Wua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzi Wò Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Kesinɔnua Ðe Edzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Taɖodzinu Nyui Aɖe Si Míaɖo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 8/01 axa 8

Ðe Nèdi Be Yeawɔ Geɖe Wua?

1 Yesu tsɔ Fiaɖuƒea sɔ kple kesinɔnu xɔasi aɖe. (Mat. 13:44-46) Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeŋutinyanyuia hã nye kesinɔnu xɔasi aɖe. Ele be míatsɔ subɔsubɔdɔ sia aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me, ne gomekpɔkpɔ le eme bliboe bia nugbegbe le ameɖokui gbɔ hã. (Mat. 6:19-21) Ðe nàdi be yeawɔ geɖe wu le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa mea?

2 Bu Nu Vevi Siawo Ŋu Kpɔ: Nu geɖewo hiã hafi míate ŋu akeke míaƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖe nu: (1) eɖoɖo kplikpaa be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me (Mat. 6:33); (2) Yehowa dzixɔxɔse kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu (Kor. II, 4:1, 7); (3) Mawu ƒe kpekpeɖeŋu biabia to gbedodoɖa vevie edziedzi me (Luka 11:8-10); (4) agbenɔnɔ kple nuwɔwɔ wòasɔ ɖe míaƒe gbedodoɖawo nu.—Yak. 2:14, 17.

3 Mɔ Siwo Dzi Míato Akeke Míaƒe Subɔsubɔdɔa ɖe Enu: Mí katã míate ŋu aɖo taɖodzinu vevi si nye ɣeyiɣi aɖe zazã le subɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣleti. Gake ɖe nèbu mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ atsɔ aɖi vome ɖasee, agbagbadzedze be nàna wò dzeɖonyawo nalé vi wu, alo wò tɔtrɔyiwo nanyo ɖe edzi, kple agbagbadzedze be yeawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ ŋu hã kpɔa? Ðe nàte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa alo asubɔ le afisi hiahiã lolo wu lea? Ne nɔviŋutsu xɔ nyɔnyrɔe nènye la, ɖe nàte ŋu awɔ ŋgɔyiyi be nàdze azu subɔsubɔdɔwɔla alo hamemegãa? (Tim. I, 3:1, 10) Ðe nàte ŋu akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu to biabia be yeawɔ Betel alo Mɔɖela Veviwo ƒe subɔsubɔdɔa alo be yeade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua?—Luka 10:2.

4 Wode dzi ƒo na nɔviŋutsu aɖe si wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãmedɔ eye wòzãa ɣeyiɣi geɖe ɖe kamedefefewo ŋu be wòawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Edze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme eye emegbe wòtrɔ asi le eƒe nɔnɔmewo ŋu be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Emegbe ede Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku, si dzrae ɖo ɖe nutome sue dzikpɔla dɔ si wɔm wòle fifia ŋu. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yewɔ ɖe dzideƒoname si wona ye la dzi, eye eka ɖe edzi be nyametsotso si yewɔ be yeawɔ geɖe le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me la na yele dzidzɔ kpɔm wu.

5 Yehowa yraa amesiwo tsɔa wo ɖokuiwo kena. (Yes. 6:8) Megana naneke naxe mɔ na wò subɔsubɔdɔa kekeɖenu be dzidzɔ kple dzidzime si dona tsoa eme la nàto ŋuwò gbeɖe o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe