INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/01 axa 8
  • Èɖua Nu Nyuie le Gbɔgbɔ Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖua Nu Nyuie le Gbɔgbɔ Mea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Aleke Mawɔ Aɖu Nu Siwo Me Nunyiame Le?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Èle ‘Nuɖuɖu Xɔm Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzia’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ɣeyiɣi Ƒeƒle Na Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 10/01 axa 8

Èɖua Nu Nyuie le Gbɔgbɔ Mea?

1 Wogblɔna be ‘míaƒe lãmesẽ me nɔnɔ nɔ te ɖe nusi míeɖuna dzi.’ Nyateƒee, alesi míeɖua nui la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe lãmesẽ dzi. Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti,” eye nenema ke alesi míeɖua nui le gbɔgbɔ me hã kpɔa ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzii. (Mat. 4:4) Eyata ɖe nèɖua nu nyuie le gbɔgbɔ mea? Numetialae nènyea? Ðe nèɖua nu dzitsitsitɔea? Alo ɖe nèkpɔa ŋudzedze ɖe ɣeyiɣi zazã dzigbɔɖitɔe atsɔ ase vivi le gbɔgbɔ me nunyiame damiwo ɖuɖu me ŋu ɣesiaɣia?

2 Lé Ŋku Ðe Wò Nuɖuɖu Ŋu: Yehowa toa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi naa ‘nuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ eye wonyea ‘nuɖuɖu damiwo.’ (Mat. 24:45 Yes. 25:6) Be nusiwo wona mí lɔlɔ̃tɔe naɖe vi na mí bliboe la, ele be míadze agbagba ɖesiaɖe aɖu nua nyuie le gbɔgbɔ me.

3 Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Ðe mexlẽa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia kple emeɖeɖe gbesiagbea? Ðe mexlẽa Biblia hedea ŋugble le eŋu gbesiagbea? Ðe medzrana ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu to nyatiawo sɔsrɔ̃ do ŋgɔ mea? Ðe mexlẽ míaƒe agbalẽ yeyewo, si me Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã ƒe babla gbãtɔa hã le, vɔa?’

4 Yesu do ŋugbe be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me . . . Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum la, elabena woawoe aɖi ƒo.” (Mat. 5:3, 6, NW) Eyata na sidzedze Mawu nayɔ wò susu kple dzi me wòafia be èɖua nu nyuie le gbɔgbɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe