Nukae Nye Míaƒe Taɖodzinu?
1 Nukatae míewɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo? Be míafia nu amewo, míakpe ɖe wo ŋu woanɔ agbe ɖɔʋu, alo míana etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui nanɔ wo si ta ko yea? Ao. Miaƒe taɖodzinu koŋue nye be míana amewo nava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo! (Mat. 28:19; Dɔw. 14:21) Esia tae wòle be amesiwo míesrɔ̃a nu kplii nade ha kple hamea ɖo. Woƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nɔ te ɖe ŋudzedze si woakpɔ ɖe Kristotɔwo ƒe habɔbɔa ŋu dzi tẽ.
2 Alesi Nàwɔ Aɖo Taɖodzinua Gbɔ: Tso gɔmedzedzea ke la, yi edzi nànɔ dzi dem ƒo na nusrɔ̃via be wòade hamea ƒe kpekpewo. (Heb. 10:24, 25) Ðe alesi esia wɔwɔ ado ŋusẽ eƒe xɔse, akpe ɖe eŋu be wòawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye wòana hadede nyui kple ame bubu siwo hã me didia le be yewoakafu Yehowa nasu esi la me nɛ. (Ps. 27:13; 32:8; 35:18) Lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le mewò ɖe hamea kple kpekpeawo ŋu si nàɖe afia anyɔ eƒe dzodzro be wòadi be yeayi.
3 Ele vevie be ame yeyewo nanya be Yehowa ƒe habɔbɔa nye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ. Ðe video siwo nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name kple Our Whole Association of Brothers fia wo. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔe be Yehowa le adzɔgbeɖela miliɔn geɖe zãm le xexeame godoo be eƒe tameɖoɖowo nava eme. Na ame yeye siawo nanya be wole woawo hã kpem be woava subɔ Mawu.—Yes. 2:2, 3.
4 Enyea dzidzɔ manyagblɔ ne míekpɔ be míaƒe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe wɔ afɔɖeɖe va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la vavã. Esiae nye míaƒe taɖodzinu!—Yoh. III, 4.