Ƒe 2002 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua
1 Ame akpa gãtɔ bua nuƒoƒoŋutete nu tsɛ aɖee. Gake nuƒoƒo nye nunana tso Yehowa gbɔ. Ekpena ɖe mía ŋu míeƒoa nu kple ame bubuwo eye míeɖea míaƒe tamesusuwo kple seselelãmewo gblɔna. Nu vevitɔ enye be míate ŋu azãe atsɔ akafu mía Mawu.—Ps. 22:23; Kor. I, 1:4-7.
2 Ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo xɔa hehe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me bene woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ. (Ps. 148:12, 13) Ƒe 2002 suku ƒe ɖoɖowɔɖia kpe Biblia me nyati vovovowo ɖo siwo ate ŋu aɖe vi na mí ame ɖekaɖekawo le subɔsubɔdɔa me. To dzadzraɖo ɖe sukua ŋu do ŋgɔ kple gomekpɔkpɔ le eme me la, míate ŋu adzi míaƒe nunya kple Mawu ƒe Nya la fiafia ɖaŋuwo ɖe edzi.—Ps. 45:2.
3 Xlẽ Biblia la Gbesiagbe: Zi geɖe ne Biblia le asitsɔƒe na mí la, míate ŋu awɔ vovoɣi ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ axlẽe. Vovoɣi vi aɖe nɔa mía dometɔ akpa gãtɔ si le ŋkekea me si míate ŋu azã le mɔ sia nu. Aleke gbegbe wòɖea vi enye si be woaxlẽ axa ɖeka ya teti gbesiagbe, si nye nusi ko hiã be woate ŋu azɔ ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si le sukua me dzi!—Ps. 1:1-3.
4 Biblia xexlẽ nyuie ƒe ŋutete si míatu ɖo akpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ eye wòaʋã wo be woakafu Yehowa. Ele be sukuvi siwo wɔa Dɔdasi 2 lia le sukua me nakɔ gbe dzi axlẽ dɔdasia le esɔsrɔ̃ me, woaxlẽe ato eme nenema zi gbɔ zi geɖe. Sukudzikpɔla akafu sukuviawo eye wòaɖo aɖaŋu si hiã be nuxexlẽa nanyo ɖe edzi wu.
5 Zã Reasoning-gbalẽa: Wotu Dɔdasi 3 lia kple 4 lia ɖe Reasoning-gbalẽa dzi. Ðewohĩ ahiã be mía dometɔ akpa gãtɔ nagadze agbagba geɖe wu be míawɔ dɔwɔnu vevi sia ŋudɔ nyuie le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ele be nɔvinyɔnuwo natia alesi woawɔ dɔdasia ƒe mɔnu siwo asɔ na anyigbamama la. Ele be sukudzikpɔla nalé ŋku ɖe alesi wofiaa nu hewɔa Ŋɔŋlɔawo ŋudɔe nyuie koŋ ŋu.
6 Neva eme be Teokrasi Subɔsubɔ Sukua nakpe ɖe mí katã ŋu be míayi edzi anɔ mía Mawu ƒe nunana si nye nuƒoƒo zãm le nyanyuia gbɔgblɔ me eye míatsɔe akafu mía Mawu gã Yehowa!—Ps. 34:2; Ef. 6:19.