Amesiame Ate Ŋu Asrɔ̃ Nu tso Video si Nye Noah—He Walked With God Me
Amesiame naxlẽ Mose I, 6:1 vaseɖe 9:19 alo wòato eme. Emegbe mikpɔ Noah ƒe videoa, eye bu alesi nàɖo biabia siawo ŋui: (1) Aleke xexeame nɔ le Noa ŋɔli, eye aleke wòwɔ va zu nenema? (2) Nukata Noa nye ame tɔxɛ nenema gbegbe, dɔ kae Mawu de esi be wòawɔ, eye nukatae? (3) Afikae woanya kpa aɖakaʋua le, ɣeyiɣi didi kae ekpakpa xɔ, eye aleke eƒe lolome nɔ? (4) Dɔ bubu kae wòle be Noa kple eƒe ƒomea nagawɔ kpe ɖe aɖakaʋua kpakpa ŋu? (5) Aleke nèbu be agbenɔnɔ le aɖakaʋua me anɔ esi wodo ʋɔtrua? (6) Aleke nàse le ɖokui me ne ɖe ètsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me? (7) Nukawoe naa míeɖoa ŋku Tsiɖɔɖɔa dzi ɣeaɖewoɣi, eye nukae wòfia? (8) Nukae nya siwo Biblia gblɔ le Noa ŋu fia wò tso ɖokuiwò, wò ƒomea, kple dɔ si Mawu de mía si be míawɔ ŋu? (9) Nya kawoe nàdi be yeabia Noa kple eƒe ƒomea ne èdo go wo le Paradiso me? (10) Nukae nèdi be yeawɔ kple Noah ƒe videoa azɔ?