INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/02 axa 1
  • ‘Èlɔ̃’ be Yeakpe Ðe Amewo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Èlɔ̃’ be Yeakpe Ðe Amewo Ŋua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Srɔ̃ Yesu Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe Ðe Amewo Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ƒomewo, Mikafu Mawu Le Eƒe Hamea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Ƒomea Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 6/02 axa 1

‘Èlɔ̃’ be Yeakpe Ðe Amewo Ŋua?

1 Yesu tsɔ ɖe le amewo me vevie ŋutɔ. Esi anyidzela aɖe ɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu la, Yesu do asi ɖa, ka asi ŋutsua ŋu, hegblɔ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!” (Mar. 1:40-42) Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nɔnɔme le, le kpekpe ɖe amewo ŋu me?

2 Ðetsɔlemetɔwo: Hamea me tɔ ɖesiaɖe wɔa akpa aɖe le kpekpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woava zu Yehowa subɔlawo me. Ne ame yeyewo va kpekpeawo la, te ɖe wo ŋu nàdo gbe na wò eye nàdze si wo nyuie. Di mɔnuwo nàde dzi ƒo na wo. Kafu wo ɖe woƒe nyaŋuɖoɖowo ta. Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe agbagba si dzem wole be woawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le woƒe agbe me la ta. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔe be yewoate ŋu akpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le hamea me.

3 Haxɔsetɔwo: Vevietɔ ehiã be míakpe ɖe “haxɔsetɔwo” ŋu le mɔ vovovowo nu. (Gal. 6:10) Ame geɖe le akɔ kpem kple dɔlényawo. To wo sasrã kpɔ kple dzidedeƒo na wo me la, awɔe be woakpɔ hadede si wohiã vevie la eye ɖewohĩ ana nàgate ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe wo ŋu ŋutɔŋutɔ le mɔ bubuwo nu. Ame aɖewo hã anɔ kuxi sesẽ bubu aɖewo me tom le agbe me. Ðee fia be nètsɔa ɖe le eme na wo to alesi nàgbɔ dzi ɖi aɖo to wo ahatu wo ɖoe me. (Tes. I, 5:14) Hamemegãwo hã hiã míaƒe nuwɔwɔ aduadu kpli wo le woƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ me. (Heb. 13:17) Ne míelɔ̃na faa be míana kpekpeɖeŋu wo eye míetu nɔnɔme sia ɖo la, míate ŋu ‘azu akɔfafa’ na mía hati xɔsetɔwo.—Kol. 4:11.

4 Ƒomea Me Tɔwo: Ele be míadze agbagba asrɔ̃ Yesu le ɖetsɔtsɔ le amesiwo nye mía ŋutɔwo míaƒe ƒometɔwo me la me. Ðetsɔleme deto ʋãa dzilawo be ‘woayi edzi anyi wo viwo le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me.’ (Ef. 6:4) Ðeviwo ate ŋu awɔ woƒe akpa dzi to alesi woadzra ɖo kaba ne gamea de na ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ, na kpekpeawo yiyi, alo na gbeadzi yiyi me. Vi tsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ le beléle na wo dzilawo lɔlɔ̃tɔe bene woate ŋu akpe akɔ kple kuxi siwo tsitsi hena vɛ me. To mɔ siawo kple mɔ bubuwo nu la, mí katã míate ŋu ‘asrɔ̃ alesi míawɔ nusi dzea Mawu ŋu le mía ŋutɔwo míaƒe aƒewo me.’—Tim. I, 5:4.

5 Ne míeyi edzi srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le kpekpeɖeŋu nana amewo me la, míate ŋu awɔe be woƒe kuxiwo dzi naɖe akpɔtɔ eye be míana ɖekawɔwɔ kplikplikpli nanɔ míaƒe ƒomea kple hamea me. Vevietɔ míahe bubu vɛ na Yehowa, amesi nye “dɔmetɔtrɔ Fofo” la.—Kor. II, 1:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe