INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/02 axa 8
  • Na Nusi Le Asiwò Nadze Ŋuwò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Nusi Le Asiwò Nadze Ŋuwò
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Akpɔ Yayra Geɖe!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Di Fiaɖuƒea, Ke Menye Xexemenuwo O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Nàwɔ Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • ‘Miyi Edzi Miadi Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã’
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 6/02 axa 8

Na Nusi Le Asiwò Nadze Ŋuwò

1 Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míakpɔ míaƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ, gake mele be esia nazu míaƒe agbemetaɖodzinu vevitɔ o. Ele be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:33; Tim. I, 5:8) Esesẽ be woada asɔ le ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siawo’ me. (Tim. II, 3:1) Nukae akpe ɖe mía ŋu be míada asɔ?

2 Na Biblia ƒe Nukpɔsusu Nanɔ Asiwò: Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be kesinɔnuwo yometiti fũ ate ŋu agblẽ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye me. (Nyagb. 5:10; Mat. 13:22; Tim. I, 6:9, 10) Le ɣeyiɣi vɔ̃ sesẽ siawo me la, afɔku anɔ eme be woana dzitsitsi fũ ɖe dɔwɔɖui ŋu alo ɖe ganyawo ŋu nawɔe be míada gbɔgbɔmenuwo—siwo nye kpekpeawo, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple gbeadzidede—ɖe nɔƒe evelia le míaƒe agbe me. (Luka 21:34-36) Ðe ema teƒe la, Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Tim. I, 6:7, 8.

3 Esia mefia be wodi tso Kristotɔwo si be woatiae koŋ anɔ ahedada me o. Gake aɖaŋuɖoɖo ma kpena ɖe mía ŋu míedea dzesi ŋutilãmenu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ—siwo nye nuɖuɖu, nudodo, kple teƒe si míanɔ. Ne agbemenuhiahiã veviwo su mía si la, mele be míanɔ ʋiʋlim ɣesiaɣi be míanɔ agbe si kɔ wu ema o. Ne míele ŋugble dem be míaƒle nane alo be míawɔ dɔ bubu aɖe kpe ɖe esi wɔm míele xoxo ŋu la, ahiã be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe esia hiã ŋutɔŋutɔa?’ Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me dzi, si gblɔ be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu.”—Heb. 13:5.

4 Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, ayra mí. (Lod. 3:5, 6) Togbɔ be ehiã be míabiã ŋku awɔ dɔ atsɔ akpɔ míaƒe gbesiagbenuhiahiãwo gbɔ hã la, mele be míana nu mawo nanye nu vevitɔ kekeake na mí le agbe me o. Eɖanye nunɔamesi ʋɛ alo geɖe ye le mía si o, Yehowa ŋue míeɖoa ŋu ɖo be wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. (Fil. 4:11-13) Esia ana míakpɔ dzidzeme si Mawu nana hekpe ɖe yayra geɖe ŋu.

5 Srɔ̃ Ame Bubuwo ƒe Xɔse: Dzilaɖekɛ aɖe si nɔ nyateƒea ƒãm ɖe vianyɔnuvi me la va nɔ tɔtrɔm ɖe agbe tsɛ nɔnɔ ŋu vivivi. Togbɔ be enɔ tomefafa me le eya ŋutɔ ƒe aƒeme hã la, eʋu yi aƒe si nɔ sue wu me eye mlɔeba wòva nɔ xɔ haya sue aɖe me. Esia na eƒe gazazãwo dzi ɖe kpɔtɔ eye wòɖe gaƒoƒo si wòtsɔ wɔa dɔe hã dzi kpɔtɔ ale be wòate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Esi vianyɔnuvia tsi ɖe srɔ̃ vɔ la, dadaa xɔ dzudzɔ le dɔme do ŋgɔ na ɣeyiɣi si wòhiã be wòaxɔe, togbɔ be esia wɔwɔ fia be eƒe fetu si wòaxɔ magasɔ gbɔ o hã. Ƒe adre enye sia mía nɔvinyɔnua le gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm eye mete ɖe edzi kura be yetsɔ ŋutilãmenuwo sa vɔe bene Fiaɖuƒea naxɔ nɔƒe gbãtɔ le yeƒe agbe me o.

6 Hamemegã aɖe kple srɔ̃a wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe le ɣeyiɣi si me wonɔ wo vi etɔ̃ dzi kpɔm. Abe ƒome ene la, wosrɔ̃ alesi woana woƒe nuhiahiãwo nadze wo ŋu tsɔ wu be woanɔ nudidiwo yome tim. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Eva hiã be míanɔ agbe si le tsɛ wu. Togbɔ be míeto nɔnɔme sesẽ aɖewo me hã la, Yehowa naa nusiwo míehiã la mí ɣesiaɣi. . . . Ne mekpɔ alesi nye ƒomea tsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔe la, enana mesenɛ le ɖokuinye me be nusianu le edzi yim nyuie alesi dze, eye nye dzi dzea eme ŋutɔ.” Srɔ̃nyɔnua gblɔ kpee be: “Ne mekpɔ be [srɔ̃nye] ƒo eɖokui ɖe gbɔgbɔmedɔwo me fũ la, ena mekpɔa dzidzeme le ememe.” Ðeviawo hã kpɔa dzidzɔ be yewo dzilawo tiae be yewoasubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã.

7 Amesiwo katã tia mawusosroɖa ƒe agbenɔnɔ tsɔ wu ŋutilãmenuwo yometiti la, Biblia do yayra wɔnukuwo ƒe ŋugbe na wo le agbe si li fifi kple esi le vava ge la siaa me.—Tim. I, 4:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe