Ðe Kristotɔwo ƒe Nuteƒewɔwɔ Fia ne Edzɔ be Woɖe Wò Ƒometɔ aɖe le Hamea Me
1. Nɔnɔme kae ate ŋu ado Kristotɔ ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ?
1 Kadodo kplikplikpli si me sẽ te ŋu nɔa ƒometɔwo dome. Esia hea tetekpɔ vaa Kristotɔ dzi nenye be woɖe srɔ̃a, via, dzila, alo ƒometɔ kplikplikpli aɖe le hamea me alo eya ŋutɔ ɖe eɖokui le hamea me. (Mat. 10:37) Aleke wòle be Kristotɔ wɔnuteƒe nawɔ nu ɖe ƒometɔ sia ŋui? Ðe nuwɔwɔ ɖe ame ma tɔgbe ŋu ato vovo ne ele aƒewò mea? Gbã la, mina míadzro nusi Biblia gblɔ tso nya sia ŋu me, si ŋuti gɔmeɖose wɔa dɔ le amesiwo woɖe le hame kple esiwo ɖe wo ɖokui le hamea me siaa gome.
2. Le Biblia ƒe nya nu la, aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe amesiwo woɖe le hamea me ŋui?
2 Alesi Woawɔ Nu Kple Amesiwo Woɖe le Hamea Mee: Mawu ƒe Nya la de se na Kristotɔwo be woagade ha kple amesi woɖe le hamea me o: ‘Migade ha kple ame aɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o; migaɖu nu kple nenem me sia hã o. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome!’ (Kor. I, 5:11, 13) Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 18:17 hã ƒo nu tso nya sia ŋu be: “Na [amesi woɖe le hame nanɔ] na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.” Yesu ƒe nyaselawo nya nyuie be Yudatɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi medea ha kple Trɔ̃subɔlawo kura o eye wotsri nudzɔlawo. Eyata amesiwo woɖe le hamea mee Yesu nɔ se dem na eyomedzelawo be woagade ha kple o.—Kpɔ December 1, 1981, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 9-11 (Eŋlisigbe me tɔ, September 15, 1981, axa 18-20).
3, 4. Hadede me nuwɔna kple amesi woɖe alo ɖe eɖokui ɖa le hamea me kawoe wòle be míatsri?
3 Esia fia be mele be Kristotɔ nuteƒewɔlawo nanɔ dzeɖoɖo siwo ku ɖe gbɔgbɔmenyawo ŋu ɖom kple amesi woɖe le hamea me o. Gake elɔ nu geɖe wu ɖe eme. Mawu ƒe Nya la gblɔ be mele be ‘míaɖu nu kple nenem me sia hã o.’ (Kor. I, 5:11) Le esia ta míedea ha kple amesi woɖe le hamea me o. Esia fia be mele be míaɖu modzakaɖeɖenuɖuɖu, anɔ kplɔ̃ɖoƒe aɖe, aƒo bɔl, aɖi tsa ayi teƒe dzeani aɖe, ayi fefewɔƒe aɖe, aɖu nu le ƒuƒoƒe aɖe eɖanye le aƒeme loo alo le nuɖuɖudzraƒe o, kplii ɖekae o.
4 Ke nuƒoƒo kple amesi woɖe le hamea me ya ɖe? Togbɔ be Biblia meƒo nu tso nɔnɔmea ƒe akpa sia akpa ŋu o hã la, Yohanes II, 10 kpe ɖe mía ŋu be míanya Yehowa ƒe nukpɔsusu le nyaa ŋu: “Ne ame aɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ɖe aƒea me o, eye migado ɖoaƒe hã nɛ o.” Esi December 1, 1981, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 14 (Eŋlisigbe me tɔ September 15, 1981, axa 25) nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be: “Gbedoname enye afɔɖeɖe gbãtɔ si dzi wotona hea dzeɖoɖo alo xɔlɔ̃wɔwɔ kura gɔ̃ hã vɛ. Ðe míadi be míawɔ afɔɖeɖe gbãtɔ ma ɖe amesi woɖe le hamea me la ŋua?”
5. Ne woɖe ame aɖe le hamea me la, nukawoe toa eŋu?
5 Le nyateƒe me la, esɔ kple nya si January 1, 1982, Gbetakpɔxɔ, axa 3 (Eŋlisigbe me tɔ, September 15, 1981, axa 31) gblɔ, be: “Nyateƒe lae nye be, ne Kristotɔ aɖe wɔ nuvɔ̃ eye wòva hiã be woaɖee le ha me la, ebua nu geɖe ŋutɔ, abe: eƒe tenɔnɔ nyui le Mawu ŋku me; . . . hadede vivi kple nɔviwo, hekpe ɖe ha geɖe si wòdena kple eƒe ƒometɔ siwo nye Kristotɔwo la ŋuti.”
6. Ðe wobia tso Kristotɔ si be wòatso kadodo ɖesiaɖe me kple ƒometɔ si woɖe le hamea me si le aƒe ɖeka me kplia? Ðe eme.
6 Ne Míele Aƒe Ðeka Me: Ðe esia fia be ele be Kristotɔ siwo le aƒe ɖeka me kple ƒometɔ si woɖe le hamea me natsri nuƒoƒo, nuɖuɖu, kpakple hadede kple ame ma le woƒe gbesiagbe nuwɔnawo mea? Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, April 15, 1991 (Eʋegbe tɔ: Vol. 112, No. 8), ƒe etenuŋɔŋlɔ si dze le axa 22 gblɔ be: “Ne ƒometɔ si woɖe le hamea me le Kristotɔwo ƒe aƒeme la, ame ma agakpɔtɔ akpɔ gome le aƒea me ƒe gbesiagbe nuwɔnawo kple dɔwɔnawo me.” Eyata wogblẽe ɖe ƒomea me tɔwo si me be woatso nya me le afisi gbegbe woaɖe mɔ ƒometɔ si woɖe le hamea me nakpɔ gome kple wo le nuɖuɖu me alo le aƒemedɔ bubuwo wɔwɔ me ase ɖo ŋu. Ke hã mele be woana wòadze na nɔvi siwo wodea ha kplii abe ɖe woƒe nuwɔwɔ kplii le abe alesi wònɔ hafi woɖee le hamea me ene o.
7. Aleke gbɔgbɔmehadede trɔna le aƒea me ne woɖe ƒometɔ aɖe le hamea me?
7 Gake January 1, 1982, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 4 (Eŋlisigbe me tɔ, September 15, 1981, axa 28) gblɔ nya sia tso amesi woɖe alo ɖe eɖokui le hamea me ŋu be: “Gbɔgbɔ me ƒomedodo kple eyama katã nu yi. Esia le alea le eƒe ƒometɔ siwo te ɖe eŋu kura gɔ̃ hã gome. . . . Esia fia be tɔtrɔ ava gbɔgbɔmeƒomedodo si nɔ aƒea me tsã la me. Le kpɔɖeŋu me, nenye be woɖe srɔ̃ŋutsua le ha me la, masɔ na srɔ̃nyɔnua kple ɖeviawo be ŋutsua nakpɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ dzi alo wòaxɔ ŋgɔ le woƒe Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa me o. Ne edi be yeado gbe ɖa le nuɖuɣi la, ekpɔ mɔ awɔe le eya ŋutɔ ƒeme. Gake woa ŋutɔwo ate ŋu ado gbe ɖa na Mawu le woƒe dziwo me. (Lod. 28:9; Ps. 119:145, 146) Ke ne amesi woɖe le ha me la le aƒea me, eye wòdi be yeanɔ ƒomea ƒe Biblia xexlẽ alo Biblia-nusɔsrɔ̃ me ɖe? Ame mamlɛawo ate ŋu aɖe mɔ nɛ wòanɔ eme asee, nenye be madze agbagba be yeafia nu wo alo agblɔ eƒe subɔsubɔ ƒe nukpɔsusuwo na wo o ko.”
8. Agbanɔamedzi kae le dzila Kristotɔwo dzi ku ɖe wo vi si le aƒe ɖeka me kpli wo si woɖe le hamea me ŋu?
8 Ne woɖe ɖevi si gale edzilawo ƒe dzikpɔkpɔ te si le aƒea me le hamea me la, egakpɔtɔ nye dzila Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be woayi edzi akpɔ ɖevia dzi. Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, November 15, 1988 ƒe axa 20 gblɔ be: “Abe alesi woayi edzi anɔ nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe namee ene la, ehiã na wo hã be woana mɔfiafia kple hehe si le Mawu ƒe Nya la me lae. (Lododowo 6:20-22; 29:17) Eyata dzila siwo lɔ̃ wo viwo la ate ŋu awɔ ɖoɖo hena aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kplii nenye be woɖee le hamea me kura gɔ̃ hã. Ðewohĩ axɔ ɖɔɖɔɖo nyuiwo le woƒe nusɔsrɔ̃ kple eya ɖeka me. Alo woate ŋu atiae be wòayi edzi anɔ gome kpɔm le ƒome nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me.”—Kpɔ October 1, 2001, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 16-17.
9. Afikae Kristotɔ ado ka kple ƒometɔ si woɖe le hamea me si mele aƒe ɖeka me kplii o la ase ɖo?
9 Ƒometɔ Siwo Mele Aƒe Ðeka me O: Gbetakpɔxɔ, June 1, 1988, axa 29 (Eŋlisigbe me tɔ, April 15, 1988, axa 28) gblɔ be: “Nya la to vovo ne amesi woɖe alo ɖe eɖokui le hamea me la menye ƒometɔ kplikplikpli si le aƒea me o. Anya wɔ be woatso kadodo ɖesiaɖe kloe me kplii. Ne ƒomenya aɖewo li si abia kadodo aɖe kplii kura gɔ̃ hã la, woakpɔ egbɔ be woɖe wo dzi kpɔtɔ,” le wɔwɔ ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosea dzi be: “Migade ha kple ame aɖe [si nɔa nuvɔ̃ wɔm dzimematrɔmatrɔe] o.” (Kor. I, 5:11) Ele be Kristotɔ wɔnuteƒewo nadze agbagba vevie aƒo asa na hadede si mehiã o kple ƒometɔ ma, eye woana wo kpakple eyama ƒe dɔwɔɖoɖowo wɔwɔ dzi naɖe akpɔtɔ.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, January 1, 1982 axa 5-6 (Eŋlisigbe me tɔ, September 15, 1981 axa 29-30).
10, 11. Nuka ŋue wòle be Kristotɔ nade ŋugblẽ le hafi aɖe mɔ na ƒometɔ si woɖe le hamea me be wòaʋu ava aƒea me?
10 Gbetakpɔxɔa he míaƒe susu yi nɔnɔme bubu si ate ŋu ado mo ɖa la dzi, be: “Ke ne woɖe ƒometɔ kplikplikpli, abe viŋutsu alo dzila si mele aƒea me o la le ha me eye azɔ wòdi be yeatrɔ ava nɔ aƒea me ɖe? Ƒomea ate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea dzi atso nya me le nusi woawɔ ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ amesi woɖe le ha me la nye dɔnɔ alo megate ŋu le eɖokui dzi kpɔm le ga alo ŋusẽdɔ wɔwɔ gome o. Ŋɔŋlɔawo kple agbe ɖɔʋu nɔnɔ ƒe agbanɔamedzi bia tso via Kristotɔwo si be woakpe ɖe eŋu. (Tim. I, 5:8) . . . Nusi woawɔ la anɔ te ɖe nɔnɔmeawo dzi, abe dzilaa ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo, eƒe nɔnɔme kple bubu si ƒomea ƒe ta tsɔna na ƒomea ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ene.”—Gbetakpɔxɔ, January 1, 1982, axa 4-5 (Eŋlisigbe me tɔ, September 15, 1981, axa 28-9).
11 Le ɖeviwo gome la, nyati ma ke yi edzi gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, dzila Kristotɔwo xɔa wo vi si woɖe le ha me si va le dɔ lém le ŋutilã alo seselelãme gome la ɖe aƒe me. Gake le nya ɖesiaɖe me la, dzilawo ate ŋu ada nɔnɔmeawo akpɔ. Ðe wo viŋutsu si woɖe le ha me la le eɖokui si hafia? Alo ɖe wòdi be yeatrɔ va aƒea me elabena agbenɔnɔ le afima bɔbɔ wua? Ke eƒe agbenɔnɔ kple nɔnɔme ya ɖe? Ðe wòahe ‘amɔwɔ ʋaʋã’ ava aƒea mea?—Gal. 5:9.”
12. Viɖe kawoe le ameɖeɖelehame ŋuti ɖoɖoa ŋu?
12 Viɖe Siwo Dona Tsoa Nuteƒewɔwɔ na Yehowa Me: Asikpekpe ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖoɖoa ŋu le nugbegblẽwɔla matrɔdzimewo ɖeɖe le hamea me ahagbe nuwɔwɔ kpli wo nye nusi me viɖe le. Ekpɔa hamea ƒe kɔkɔenyenye ta eye wòdea dzesi míaƒe wɔwɔ ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi. (Pet. I, 1:14-16) Ekpɔa mía ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo si me. (Gal. 5:7-9) Enaa mɔnukpɔkpɔ nugbegblẽwɔla hã be wòaɖe vi bliboe tso tohehe si wonae la me, si ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòatse ‘ŋutifafa ku, si nye dzɔdzɔenyenye.’—Heb. 12:11.
13. Tɔtrɔ kawoe ƒome aɖe wɔ, eye viɖe kawoe do tso eme?
13 Esi nɔviŋutsu aɖe kple eƒe ŋutilã me nɔvinyɔnu se nuƒo aɖe le nutome sue takpekpe aɖe me megbe la, wode dzesii be ehiã be yewoawɔ tɔtrɔ aɖewo le alesi yewowɔa nu kple yewo dada si nɔ teƒe bubu si woɖe le hamea me ƒe ade enye ma la ŋu. Esi wowɔ takpekpea vɔ teti la, ŋutsua ƒo ka na dadaa eye wògblɔ woƒe lɔlɔ̃ deto si le wo me nɛ heɖe eme nɛ be yewomagate ŋu aƒo nu kplii o negbe ne ƒomenya vevi aɖewoe li si ta wòahiã be yewoaƒo nu tso eŋu ko hafi. Ema megbe kpuie la, wo dada te kpekpeawo dede, eye wogagbugbɔ xɔe mlɔeba. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, srɔ̃a si nye dzimaxɔsetɔ hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye wòva xɔ nyɔnyrɔ emegbe.
14. Nukatae wòle be míawɔ ɖe ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa dzi nuteƒewɔwɔtɔe?
14 Le Ghana la, ƒomekadodowo me sẽna henɔa kplikplikpli. Gake wɔwɔ ɖe ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa dzi nuteƒewɔwɔtɔe abe alesi wogblɔe le Ŋɔŋlɔawo me ene ɖea míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa fiana eye wònaa ŋuɖoɖo amesi le alɔme ɖem le Eŋu. (Lod. 27:11) Eye míeka ɖe edzi be Yehowa ayra mí godoo. Fia Dawid ŋlɔ tso Yehowa ŋu be: ‘Nyemaɖe wò ɖoɖowo ɖa le gbɔnye o. Èwɔa nuteƒe na amesi nye nuteƒewɔla.’—Sam. II, 22:23, 26.