INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/03 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeƒãɖeɖe Na Dutagbedolawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Kpɔ Ƒomedodo Si Le Wò Kple Yehowa Dome Ta Esi Nèle Subɔsubɔm Le Duta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 1/03 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Ɣekaɣie wòasɔ be woaɖo dutagbe me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo?

Ne dutagbedolawo sɔ gbɔ ɖe hame aɖe ƒe anyigbamama me la, hamemegãwo awɔ nusi woate ŋui ale be woawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖe ŋu le gbegbɔgblɔ ma me. (km-EW 7/02 axa 1; km-EW 2/98 axa 3-4) Ðewohĩ dutagbedola siawo akaka ɖe hame eve alo hame geɖe siwo te ɖe wo nɔewo ŋu ƒe anyigbamamawo me. Le go ma me la, nutome sue dzikpɔlawo ana mɔfiafia siwo hiã, si akpe ɖe hame siawo ŋu be woawɔ ɖeka le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Enuenu la, woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe dutoƒonuƒo alo Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu be woate ŋu ade dzesi ame xexlẽme si te ŋu vaa kpekpeawo le dutagbe ma me.

Woate ŋu aɖo dutagbe me ƒuƒoƒoa ne nudidi siawo sɔ gbe: (1) Gbeƒãɖelawo alo ɖetsɔlemetɔwo li siwo sea nyanyuia gɔme nyuie wu le dutagbe ma me. (2) Hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla bibi aɖe li si axɔ ŋgɔ akpɔ kpekpea dzi zi ɖeka ya teti le kwasiɖaa me. (3) Hamemegãwo ƒe ha aɖe lɔ̃ faa be yewoanɔ alɔ dom ƒuƒoƒoa. Ne woɖo nudidi siawo gbɔ la, hamemegãwo nana alɔdzedɔwɔƒea nanya ale be wòanye ƒuƒoƒo si woade agbalẽ me be woate ŋu ana mɔfiame bubu siwo ahiã la kpee.

Wodzea ƒuƒoƒo geɖe gɔme kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa. Emegbe hamemegãwo akpɔe ɖa ne asɔ be woatsɔ kpekpe bubuwo, abe Dutoƒonuƒo, kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ene akpe ɖe eŋu. Woate ŋu awɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe dɔdasi 2 lia, 3 lia, kple 4 lia le sukuxɔ bubu me ne hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla bibi si se dutagbea nyuie li akpɔ edzi. Gake woaƒo ƒu ɖekae kple hamea ase nuƒoƒo nudidi nuƒoa, nufiamenuƒoa, Biblia xexlẽ me nya veviwo, ahakpɔ gome le Subɔsubɔ Kpekpea hã me. Woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadzisubɔsubɔ ŋu na ƒuƒoƒoa.

Ƒuƒoƒoa me tɔwo katã awɔ dɔ aduadu le hamemegãwo ƒe ha ƒe mɔfiafia te. Hamemegãwo nana mɔfiafia siwo da sɔ eye woatsɔ dzo ɖe ƒuƒoƒoa me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ne nutome sue dzikpɔla srã hame si le alɔ dom ƒuƒoƒoa kpɔ la, awɔ ɖoɖo hã ɖe dɔwɔwɔ le gbeadzi kple ƒuƒoƒoa ŋu ale be wòana gbɔgbɔmetutuɖo wo. To Yehowa ƒe yayra dzi la, dutagbe ƒuƒoƒoa ate ŋu ava zu hame le ɣeyiɣi aɖe megbe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe