INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/03 axa 7
  • Video si Akɔ Nu Me na Wò Ahado Ŋusẽ Wò!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Video si Akɔ Nu Me na Wò Ahado Ŋusẽ Wò!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Koŋ Soviettɔwo Tɔ Ŋkui
    Nyɔ!—2001
  • Soviettɔwo Ƒe Subɔsubɔhawo Dzi Dzedze
    Nyɔ!—2001
  • Aboyomenɔnɔ le Siberia!
    Nyɔ!—1999
  • “Wowɔ Nuteƒe Le Dodokpɔ Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 2/03 axa 7

Video si Akɔ Nu Me na Wò Ahado Ŋusẽ Wò!

Le April ƒe 1951 mee. Woƒo Yehowa Ðasefo akpe nanewo—ƒome blibowo—nu ƒu le Soviet Union si nɔ anyi tsã la, eye wode wo agbatsɔketekewo, hekplɔ wo yi aboyome le Siberia. Nukatae Soviet dziɖuɖu sesẽa ɖoe kplikpaa be yeatsrɔ̃ wo? Aleke mía nɔviwo wɔ tsi agbe hekpɔ dzidzedzee togbɔ be wonɔ wo yome tim madzudzɔmadzudzɔe ƒe geɖe gɔ̃ hã? Àkpɔ ŋuɖoɖoawo le video si nye Faithful Under Trials—Jehovah’s Witnesses in the Soviet Union me. Kpɔ video sia, eye nàna emenya siwo me nufiame le nado ŋusẽ wò be nàlé wò nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa eɖanye nuka kee adzɔ ɖe dziwò o!

Àte ŋu aɖo biabia siawo ŋua? (1) Ɣekaɣie dziɖuɖua da asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi zi gbãtɔ le Russia? (2) Do ŋgɔ na Xexemeʋa II kple le emegbe la, aleke Ðasefowo ƒe ƒomewo va sɔ gbɔ ɖe Soviet Union? (3) Aleke woƒe dzixɔsewo mewɔ ɖeka kple Lenin ƒe nukpɔsusu o? (4) Nukae nye “Operation North,” eye aleke Stalin ɖo be yeawɔ eŋudɔe? (5) Nukae aboyomenɔnɔ fia na Ðasefowo, eye nukae wobia tso wo si be woawɔ be womagakplɔ wo ayi aboyo me o? (6) Le keteke mɔ didi si mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo zɔ yi Siberia dzi la, aleke dzi si wode ƒo na wo nɔewo wɔ nuku na wo lélawoe? (7) Nɔnɔme wɔnublanui kawo mee Ðasefowo do dzi le le Siberia? (8) Gbɔgbɔ me ɖoɖowɔɖi ka ŋue Yehowa ƒe amewo de asixɔxɔe vevie, eye nukatae? (9) Nukatae mía nɔviwo lɔ̃ faa tsɔ woƒe agbe de afɔku me ɖe woƒe agbalẽwo ta, eye aleke wokpɔ dzidzedzee togbɔ be dziɖuɖumegãwo dze agbagba madzudzɔmadzudzɔe be womagaxɔe o? (10) Aleke Khrushchev yi edzi nɔ Mawu ƒe amewo yome tim? (11) Aleke dziɖuɖumegãwo di be yewoagblẽ ɖevi siwo nye Ðasefowo ƒe xɔse mee? (12) Nusitae wonɔ wo yome tim ŋuti gɔmesese si me kɔ kae su mía nɔviawo si? (2002 Yearbook, axa 203-4) (13) Aleke agbagba ɖesiaɖe si yometilawo dze be yewoaɖe Mawu ƒe habɔbɔa ɖa va gblẽ nu le woawo ŋutɔ ŋui? (2002 Yearbook, axa 220-1) (14) Nukawoe Ðasefo siwo nɔ Soviet Union si nɔ anyi tsã la susu va yi gake wova zu nu ŋutɔŋutɔ emegbe? (15) Nukae kpe ɖe mía nɔviawo ŋu be wodo dzi le woƒe tetekpɔawo me, eye aleke videoa me nukpɔkpɔ mamlɛa ɖe Yeremya 1:19 ƒe nyateƒenyenye fiae? (16) Gblɔ agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔawo dometɔ ɖeka si ɖe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ me fia si wɔ dɔ ɖe dziwò vevie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe