INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/03 axa 1
  • Yehowa Dze Ŋutɔŋutɔ na Kafukafu Geɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Dze Ŋutɔŋutɔ na Kafukafu Geɖe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nu Si Míaƒe Kpekpeawo Dede Ðena Fiana Le Mía Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Tafea Naɖe Vi na Wo Míaɖu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 3/03 axa 1

Yehowa Dze Ŋutɔŋutɔ na Kafukafu Geɖe

Míaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le April 16 lia Dzi

1 Míele mɔ kpɔm vevie esi April 16, 2003 le gogom. Míawɔ ɖeka kple hati tadeagula miliɔn geɖe aɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi fiẽ ma le xexeame godoo atsɔ akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋui. Yehowa dze na míaƒe kafukafu ɖesiaɖe le tafevɔsa ƒe ɖoɖo wɔnuku si wòwɔ na mí ta. Esia dzie wòato atsɔ yayra gbagowo ayra ameƒomea me tɔ toɖolawo katã. Míetsɔ dzi blibo wɔ ɖeka kple hakpala la hele gbɔgblɔm be: “Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ.”—Ps. 145:3.

2 Ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi si wòle be míade ŋugble le Mawu ƒe dɔmenyonyo ŋu kpakple akpedada ƒe fe si míenyi le Yehowa si ŋu le esi wòdɔ “eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me” ta. (Yoh. I, 4:9, 10) Ŋkuɖoɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua dzi le bubumɔnu nana míesenɛ le míaƒe dzi me be “amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, . . . eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ.” (Ps. 145:8) Nyateƒee, tafevɔsa lae nye lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fia ameƒomea. (Yoh. 3:16) Ne míede ŋugble le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe agbe si Yesu nɔ ŋu la, eʋãa mí be míakafu Yehowa. Míakafu eyama tegbee ɖe lɔlɔ̃ gãtɔ si wòɖe fia to agbe mavɔ nɔnɔ ƒe ɖoɖo si wòwɔ na mí la ta.—Ps. 145:1, 2.

3 Kpe Ðe Amewo Ŋu be Woakafu Yehowa: Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe tafevɔsa ƒe nunana si ɖeke mesɔ kplii o ŋu ʋãa mí be míakpe ame bubuwo be woava wɔ ɖeka kpli mí le Yehowa kafukafu me. Gbɔgbɔ ʋã hakpalaa wòŋlɔ be: “Woaɖe wò nyuiwɔwɔ gãwo ƒe ŋkuɖoɖodzi afia, eye woatso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.” (Ps. 145:7) Le ƒe si va yi ɖeɖeko me la, Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã tsɔ gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔae. Nukae do tso woƒe agbagbadzedze sia me? Kwasiɖa sia kwasiɖa le mama dedie nu la, amesiwo wu 5,100 ye xɔa nyɔnyrɔ tsɔ ɖoa kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Ame 15,597,746 siwo de Ŋkuɖodzia, siwo dome ame miliɔn 9 kple edzivɔ le siwo mekpɔ dze Yehowa kafukafu gɔme abe nyanyui gbeƒãɖelawo ene haɖe o, nye kpeɖodzi be dzidziɖedzi geɖe ate ŋu ava! Esi míenye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ta la, míekpɔa ŋudzedze geɖe ɖe nyanyuigbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu, si le ame geɖewo kplɔm va Yehowa kple Via, kpakple Fiaɖuƒea gbɔe.

4 Mɔ nyui si dzi míato ade dzi ƒo na amewo be woade bubu Yehowa ŋu enye wo kpekpe be woava wɔ ɖeka kpli mí le ŋkuɖoɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua dzi. Èŋlɔ amesiwo nèdi be yeakpe kpakple amesiwo adi be woaɖo ŋku ŋkeke kple gaƒoƒoa dzi na yewo ƒe ŋkɔwo ɖia? Ðe nèkpe amesiwo katã ƒe ŋkɔ nèŋlɔ ɖi xoxoa? Ne mèwɔe vɔ haɖe o la, ke dze agbagba nàwɔ ema le ɣeyiɣi si susɔ me. Kpe ɖe wo ŋu woase taɖodzinu si le azãa ŋu gɔme. Ne èyi ŋkuɖodzia la, nɔ klalo nàdo gbe na vavalawo. Na woƒe dzi nadze eme, ɖe wo fia ame bubuwo, eye nàkafu wo ɖe woƒe vava ta.

5 Ŋkuɖodzia dede ate ŋu aʋã ame yeyewo be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si le ŋɔdzinudzɔɖeamedzi ƒe fuɖename me tom, si nana wòsesẽna nɛ be wòanɔ amehawo dome, la va Ŋkuɖodzia. Esi wobia eƒe nukpɔsusu ku ɖe kpekpea ŋu la, egblɔ be: “Enye azã kɔkɔetɔ kekeake, eye esiae na menɔ eteƒe.” Tso ema dzi la, ete kpekpeawo dede.

6 Le Ŋkuɖodzia Megbe: Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ yeye siawo ŋu be woava zu Yehowa kafulawo? Hamemegãwo alé ŋku ɖe ame yeye siwo va Ŋkuɖodzia ŋu eye woawɔ ɖoɖo na gbeƒãɖela bibiwo be woasrã wo kpɔ emegbe kpuie be woadzro nusiwo wosrɔ̃ eye wokpɔ la me kpli wo. Wo dometɔ aɖewo adi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli yewo. Ele be woakpe wo hã be woade hamea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo, esi kpekpeawo dede edziedzi ate ŋu adzi woƒe Biblia ŋuti sidzedze ɖe edzi ta.

7 Wowɔ ɖoɖowo be woade dzi ƒo na amesiwo medea kpekpeawo kple gbeadzi edziedzi o kple amesiwo dzudzɔ keŋkeŋ be woade edziedzi. Ne hamemegãwo bia tso asiwò be nàkpe ɖe amesi dzudzɔ kpekpea kple gbeadzidede ŋu be wòagadze egɔme ake la, lɔ̃ faa nàna kpekpeɖeŋu. Ðetsɔleme si me lɔlɔ̃ le ɖeɖe fia mía nɔviwo alea wɔ ɖeka kple Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya sia be: “Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.”—Gal. 6:10.

8 Neva eme be mí katã míadze agbagba be míade Ŋkuɖodzia le April 16 lia dzi. Míadi be wɔna kɔkɔetɔ kekeake sia si dzi míato akafu Yehowa nato mía ŋu gbeɖe o. Ẽ, mina míakafu Yehowa ɖe eƒe dɔ wɔnukuwo ta tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!—Ps. 145:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe