INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/03 axa 8
  • Mawu ƒe Nya Nye Nyateƒe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu ƒe Nya Nye Nyateƒe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • ‘Ŋusẽ Le Mawu ƒe Nya la Ŋu’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ðe Nèʋlia Mawu Ƒe Nya La Taa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • ‘Yi Edzi Nàzɔ Le Nyateƒea Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 5/03 axa 8

Mawu ƒe Nya Nye Nyateƒe

1. Nyatakaka vevi kawoe le Biblia me?

1 Hakpala ŋlɔ bena: “Wò nya ƒe taƒoƒo enye nyateƒe.” (Ps. 119:160) Yehowa to eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzi naa agbe ŋuti nyabiabia vevitɔwo kekeake ƒe ŋuɖoɖo siwo naa ame ƒe dzi dzea eme. Enaa akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ amesiwo le xaxawo me tom. Eye efia alesi míawɔ ate ŋu ate ɖe eŋu kplikplikpli mí. Nyɔnu ŋudzedzekpɔɖenuŋula aɖe gblɔ be: “Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ le ko abe go dodo le viviti gã aɖe me age ɖe xɔ nyui aɖe si me akaɖi klẽ ɖo nyuie la me ene.” Ðe nèdzea agbagba be yeaƒo nu tso Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒea ŋu le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe mea?

2. Aleke Biblia naa amewo ƒe agbe nyona ɖe edzii?

2 Eƒe Ŋusẽ Trɔa Amewo le Xexeame Godoo: Ŋusẽ le Biblia ƒe nyateƒea ŋu be wòawɔ dɔ ɖe amewo ƒe dzi dzi ahatrɔ woƒe agbenɔnɔ. (Heb. 4:12) Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Rosa ƒo eɖokui ɖe gbolowɔwɔ, ahanono, kple atikevɔ̃ɖi zazã me. Egblɔ be: “Gbeɖeka esi nu te ɖe dzinye vevie la, Ðasefo aɖe kple srɔ̃a va ƒo nu nam tso alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ mee ŋu. Medze Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ gɔme, eye mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ale gbegbe. Kaka ɣleti ɖeka nava yi la, ŋusẽ ɖo ŋunye hena agbe dzadzɛ yeye nɔnɔ. Fifia si tameɖoɖo le nye agbe ŋu la, nyemegahiã aha kple atikevɔ̃ɖiwo ƒe kpekpeɖeŋu azɔ o. Eye esi medi vevie be manye Yehowa xɔlɔ̃ ta la, meɖoe kplikpaa be mawɔ ɖe eƒe dzidzenuwo dzi. Ne ɖe menye nunya vavã si le Mawu ƒe Nya mee o la, meka ɖe edzi be anye ne meɖe nye agbe ɖa xoxo.”—Ps. 119:92.

3. Nukatae mele be míagbe Biblia ƒe gbedasia gbɔgblɔ na amewo o?

3 To vovo na agbalẽ akpa gãtɔ siwo li egbea la, Biblia me nyawo nyoa “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” me tɔwo ŋu. (Nyaɖ. 7:9) Mawu ƒe lɔlɔ̃nu enye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Eyata mele be míasusui gbeɖe be ame aɖe maɖo to nyanyuia o le afisi wòtso dzaa ko ta o. Ke boŋ ele be míagblɔ Fiaɖuƒegbedasia na amewo katã, eye ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, míazã Biblia le ema wɔwɔ me.

4. Aleke míate ŋu azã Biblia ne míele ɖase ɖim?

4 Zã Ŋɔŋlɔa: Mɔnukpɔkpɔ geɖewo ʋuna be míazã Biblia le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ne èle magazinewo nam la, dze agbagba nàzã ŋɔŋlɔ si woyɔ le ɖaseɖinya si wokafu na mí me la. Ne míele agbalẽ si wokafu be míana le ɣletia me nam la, ame aɖewo kpɔe be eɖea vi ŋutɔ ne yewoxlẽ ŋɔŋlɔ si wotia wòsɔ ŋutɔ la le yewoƒe ŋgɔdonyawo me. Ne èle tɔtrɔyiwo wɔm la, xlẽ mawunyakpukpui ɖeka alo wu nenema ɣesiaɣi si nàyi atsɔ akpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu vivivi be sidzedze vavãtɔ nasu esi. Ne èle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm la, tu numedzodzroa ɖe mawunyakpukpui veviawo dzi. Ne mèɖoe koŋ yi gbeadzi o hã la, Biblia nenɔ asitsɔƒe na wò nàzã ne mɔnukpɔkpɔ ʋu be nàɖi vomeɖase.—Tim. II, 2:15.

5. Nukatae wòle be míadze agbagba azã Biblia le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

5 Mina míakpe ɖe amewo ŋu Mawu ƒe Nyateƒenya ƒe ŋusẽ ʋãme la naɖe vi na wo, to Biblia zazã le mɔnukpɔkpɔ nyui ɖesiaɖe si asu mía si le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la me.—Tes. I, 2:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe