Srɔ̃ Yehowa ƒe Dɔmenyonyo
1 Ne ɣe ƒe amigogbagba dzeania lé dzi na mí alo míeɖu nu vivi aɖe vɔ la, ɖe meʋãa mí be míada akpe na Yehowa, dɔmenyonyowo katã Tsoƒe la oa? Eƒe dɔmenyonyo ʋãa mí míedina be míasrɔ̃e. (Ps. 119:66, 68; Ef. 5:1) Mɔ ka nue míaɖe dɔmenyonyo afia le?
2 Eɖeɖe Fia Dzimaxɔsetɔwo: Mɔ siwo nu míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dɔmenyonyo le dometɔ ɖekae nye ɖetsɔleme vavã ɖeɖe fia amesiwo menye míaƒe haxɔsetɔwo o. (Gal. 6:10) Dɔmenyonu ŋutɔŋutɔwo wɔwɔ na wo ate ŋu atrɔ alesi wobua Yehowa Ðasefowo kple gbedasi si míeɖea gbeƒãe.
3 Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe si nye mɔɖela nɔ nyɔnu tsitsi aɖe si edze abe eƒe dɔléle nu sẽ la ŋgɔ esi wonɔ lalam be yewoakpɔ ɖɔkta. Esi wòɖo edzi be wòakpɔ ɖɔkta la, eɖe mɔ na nyɔnua be wòayi gbã. Eva do goe emegbe le asime, eye nyɔnua kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yegakpɔe. Togbɔ be meɖoa to nyanyuia tsã o hã la, egblɔ be fifia yenya be Yehowa Ðasefowo lɔ̃ wo haviwo vavã. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.
4 Eɖeɖe Fia Mía Nɔviwo: Míesrɔ̃a Yehowa ƒe dɔmenyonyo ne míena kpekpeɖeŋu mía haxɔsetɔwo. Ne afɔkuwo dzɔ la, míenɔa ame gbãtɔ siwo va naa kpekpeɖeŋu mía nɔviwo dome. Míeɖea gbɔgbɔ ma ke fiana ne míekpe ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu le ʋuɖoɖo ava kpekpewo me ŋu, míesrã dɔnɔwo kpɔ, eye míekeke míaƒe lɔlɔ̃ ɖe enu na amesiwo míenya nyuie o le hamea me.—Kor. II, 6:11-13; Heb. 13:16.
5 Mɔ bubu si nu Yehowa ɖea dɔmenyonyo fiana le enye alesi ‘wòlɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Ps. 86:5) Le eyama sɔsrɔ̃ me la, míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo afia to ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo tsɔtsɔ ke wo me. (Ef. 4:32) Esia naa míaƒe hadede kple haxɔsetɔwo ‘nyona hevivina.’—Ps. 133:1-3.
6 Neva eme be Yehowa ƒe dɔmenyonyo gbogbo la nana míagba go ɖaasi le kafukafu tsɔtsɔ na eyama me ahanye amesiwo dzi dzɔna ɣesiaɣi. Eye esia neʋã mí be míadze agbagba aɖe eƒe dɔmenyonyo afia le nusiwo katã míewɔna me.—Ps. 145:7; Yer. 31:12.