Mido Ðokuibɔbɔ
1 Alẽkplɔvi aɖe ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòɖu aʋawɔla kalẽtɔ aɖe dzi. (Sam. I, 17:45-47) Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe tsɔ dzigbɔɖeanyi do dzi to nɔnɔme sesẽwo me. (Hiob 1:20-22; 2:9, 10) Mawu ƒe Vi tsɔ eƒe nufiafia ŋuti kafukafu katã na Fofoa. (Yoh. 7:15-18; 8:28) Le kpɔɖeŋu siawo dometɔ ɖesiaɖe me la, ɖokuibɔbɔ koŋue kpe ɖe amesiawo ŋu. Nenema ke egbea hã ɖokuibɔbɔ hiã vevie le nɔnɔme siwo míedzea ŋgɔe me.—Kol. 3:12.
2 Ne Míele Gbeƒã Ðem: Esi míenye Kristotɔ subɔlawo ta la, míetsɔa ɖokuibɔbɔ kakaa nyanyuia na ameƒomevi ɖesiaɖe, eye míebua nazã ɖe wo ŋu le afisi wotso, dekɔnu si le wo si, alo nɔnɔme si me wole ta o. (Kor. I, 9:22, 23) Ne wo dometɔ aɖewo da gbe ɖe mía gbɔ alo gbe míaƒe Fiaɖuƒegbedasia dadatɔe gɔ̃ hã la, míewɔa wɔɖenui o ke boŋ míetsɔa dzigbɔɖeanyi yia edzi dia amesiwo dze. (Mat. 10:11, 14) Míedzea agbagba be míana amewo nakafu mí ɖe míaƒe sidzedze alo agbalẽnyanya ta o ke boŋ Mawu ƒe Nya la dzie míehea amewo ƒe susu yinɛ, elabena míenyae be ewɔa dɔ ɖe amewo dzi wu nya sia nya si mía ŋutɔwo míate ŋu agblɔ. (Kor. I, 2:1-5; Heb. 4:12) Míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le kafukafu ɖesiaɖe tsɔtsɔ na Yehowa me.—Mar. 10:17, 18.
3 Le Hamea Me: Ehiã hã be Kristotɔwo ‘nabɔbɔ wo ɖokui ɖe wo nɔewo te.’ (Pet. I, 5:5) Ne míebua ame bubuwo be wonye gã wu mí la, ana míadi mɔ siwo dzi míato asubɔ mía nɔviwo ke menye be míanɔ mɔ kpɔm be woawo nasubɔ mí o. (Yoh. 13:12-17; Fil. 2:3, 4) Míase le mía ɖokui me gbeɖe be dɔ aɖewo abe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo ene le tsɛ na mí akpa o.
4 Ðokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu be ‘míahe adodo kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me,’ eye míetoa esia wɔwɔ me naa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. (Ef 4:1-3) Ekpena ɖe mía ŋu be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe amesiwo wotia be woaxɔ ŋgɔ la te. (Heb. 13:17) Eʋãa mí be míaxɔ nuxlɔ̃ame alo ɖɔɖɔɖo ɖesiaɖe si woana mí. (Ps. 141:5) Eye ɖokuibɔbɔ ʋãa mí hã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne míele dɔ siwo wode asi na mí le hamea me la wɔm. (Pet. I, 4:11) Abe Dawid ene la, míenyae be menye amegbetɔ ŋutɔ ƒe ŋutete mee dzidzedzekpɔkpɔ tsona o ke boŋ Mawu ƒe yayra mee wòtsona.—Sam. I, 17:37.
5 Le Mía Mawu Ŋkume: Vevietɔ wu la, ehiã be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te.’ (Pet. I, 5:6) Ne wòva hiã be míado dzi ato nɔnɔme sesẽwo me la, ate ŋu adzɔ be míadi vevie be Fiaɖuƒea nahe gbɔdzɔe vɛ kaba. Ke hã míegbɔa dzi ɖi ɖokuibɔbɔtɔe, hekpɔa Yehowa sinu be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi. (Yak. 5:7-11) Abe alesi wònɔ le nuteƒewɔla Hiob gomee ene la, nusi koŋ ŋu míetsia dzi ɖo enye be ‘míayi edzi akafu Yehowa ƒe ŋkɔ.’—Hiob 1:21.
6 Nyagblɔɖila Daniel ‘bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le eƒe Mawu ŋkume’ eye Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu heyrae kple mɔnukpɔkpɔ nyui geɖewo. (Dan. 10:11, 12) Neva eme be míawo hã míado ɖokuibɔbɔ esi míenyae be “kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.”—Lod. 22:4.