Asixɔxɔ Vevi si Le Mawumenunya Ŋu
1 Ame aɖewo susuna be ele be Yehowa Ðasefowo nadze agbagba akpe ɖe amewo ŋu tẽ wu to kpekpeɖeŋunana be kuxi siwo dze ŋgɔ ameƒomea egbea la dzi naɖe akpɔtɔ me. Nusi amesiawo mede dzesii o ye nye asixɔxɔ vevi si le Biblia me hehenanadɔ si wɔm míele ŋu. Ele abe alesi apostolo Paulo ŋlɔe ene be: “[Fuwɔameti] la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo [le tsɔtsrɔ̃m] la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.” (Kor. I, 1:18) Nyateƒee, míenyae be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔae nye dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole le anyigba dzi egbea.
2 Agbe si Nyo Wu Fifia: Nu boo aɖeke medo tso agbagba siwo dzem amegbetɔwo le be yewoakpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ me o. Se siwo wode le nuvlowɔwɔ ŋu mena hlɔ̃dodo dzi ɖe kpɔtɔ o. Ŋutifafa ƒe nubablawo kple asrafoha avuléla siwo woɖo mena aʋawɔwɔ nu tso o. Hadome ɖoɖowo mete ŋu ɖe ahedada ɖa o. (Ps. 146:3, 4; Yer. 8:9) Nusi to vovo na emae nye be Fiaɖuƒegbedasia ya le ame miliɔn geɖe ƒe agbe trɔm to alesi wòle kpekpem ɖe wo ŋu be woado amenyenye yeye si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo me. (Rom. 12:2; Kol. 3:9, 10) Esia wɔwɔ na woƒe agbe nyo ɖe edzi fifia gɔ̃ hã.—Tim. I, 4:8.
3 Etsɔme Wɔnuku Aɖe: Menye ɖeko nunya si tso Mawu gbɔ kpena ɖe mía ŋu míekpea akɔ kple kuxi siwo ɖea fu na mí fifia ko evɔ o, ke ekpena ɖe mía ŋu míewɔa ɖoɖo nyuie ɖe etsɔme ŋu hã. (Ps. 119:105) Enaa míeƒoa asa na agbagbadzedze dzodzro be míaɖɔ nuwo ɖo le fifi nuɖoanyia me. (Nyagb. 1:15; Rom. 8:20) Aleke gbegbee míedaa akpee nye esi be míele míaƒe agbe dome gblẽm ɖe taɖodzinu siwo mate ŋu ava eme gbeɖe o la yomenɔnɔ ŋu o! Ðe ema teƒe la, míekua kutri le Yehowa ƒe ŋugbedodo si ŋu kakaɖedzi le ku ɖe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la yometiti ŋu boŋ. Ne Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ɖo la, adze ƒã na amesiame be amesiwo ɖo ŋu ɖe mawumenunya ŋu lae wɔ tiatia nyuitɔ.—Pet. II, 3:10-13; Ps. 37:34.
4 Togbɔ be awɔ na amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe ‘xexeame ƒe nunya’ me be viɖe aɖeke mele mawumenunya ŋu o hã la, le nyateƒe me la, esia koe nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi wòle be míanɔ. (Kor. I, 1:21; 2:6-8) Eyata, míeyia edzi ɖea gbeƒã gbedasi si tso Mawu, amesi nye “nunyatɔ ɖeka hɔ̃” la, gbɔ le xexeame godoo.—Rom. 16:27.