INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/04 axa 1
  • Kpekpewo Dede Ɣesiaɣi—Nu Vevi Aɖee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpewo Dede Ɣesiaɣi—Nu Vevi Aɖee
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpewo Yiyi—Míaƒe Agbanɔamedzi Vevie Wònye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Kpɔ Egbɔ Be Yetsɔ Nu Vevitɔwo Ðo Nɔƒe Gbãtɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Hamea ƒe Kpekpewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 2/04 axa 1

Kpekpewo Dede Ɣesiaɣi—Nu Vevi Aɖee

1 Kristotɔwo ƒe ƒomewo tsɔa hame ƒe kpekpewo dede ɣesiaɣi ɖoa nɔƒe vevi aɖe. Gake agbemenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ egbea ate ŋu ana esia wɔwɔ nazu kuxi. Ðe aƒemedɔwo, dɔwɔɖui, alo sukudɔdasiwo va le ɣeyiɣi si mieɖo ɖi na tadedeagu na Yehowa la xɔma? Nuwo ŋu bubu alesi Yehowa bua woe akpe ɖe mía ŋu míatsɔ nusiwo nye vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.—Sam. I, 24:6; 26:11.

2 Israel-ŋutsu aɖe ɖoe koŋ gbe nuwo ŋu bubu alesi Yehowa bunɛ esi wòyi va nɔ nake fɔm le Sabat dzi. Anye be etsɔe be ɖe yele yeƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na wo alo bui be menye ŋkubiãnya aɖekee nye ma o. Gake toheʋɔnu si Yehowa he va edzii la ɖee fia be gbesiagbenuwɔna bubuwo tsɔtsɔ ɖo ɣeyiɣi si wòle be míatsɔ ade ta agu na Yehowae teƒe la nye ŋkubiãnya.—Mose IV, 15:32-36.

3 Kuxia Gbɔ Kpɔkpɔ: Le ame geɖe gome la, mele bɔbɔe kura be woana dɔwɔɖui nagaxɔ woƒe kpekpedeɣiwo le wo si o. Ame aɖewo te ŋu kpɔ kuxi sia gbɔ to nuƒoƒo na woƒe dɔtɔ, dɔwɔɣi aɖewo ɖɔliɖɔli kple dɔwɔhati bubu, dɔwɔɖui bubu si ƒe ɣeyiɣiwo sɔ didi, alo to agbetsɛnɔnɔ me. Nuwo tsɔtsɔ sa vɔe alea ɖe tadedeagu vavãtɔ ta dzea Mawu ŋu godoo.—Heb. 13:16.

4 Sukudɔdasiwo hã ate ŋu anye kuxi. Sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Mewɔa nye sukudɔdasi aɖewo doa ŋgɔ na kpekpewo eye meyia mamlɛawo dzi ne megbɔ va aƒeme.” Ne ɖeviwo mete ŋu wɔa sukudɔdasiwo katã wua enu le kpekpedeɣiwo o la, dzila aɖewo ɖea nu me na nufialawo wosea egɔme be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nye nusi ƒomea tsɔ ɖo nɔƒe vevitɔ.

5 Nuwɔwɔ aduadu kple ɖoɖo nyui wɔwɔ ye nye nu vevi siwo ana ƒome bliboa nakpɔ aƒemedɔwo gbɔ kaba ahadzra ɖo ɖe kpekpeawo dede ŋu ɖe game dzi. (Lod. 20:18) Woate ŋu afia ɖevi suewo gɔ̃ hã alesi woale tsi ado awu ahadzra ɖo be ƒomea nadze mɔ ɖe game ɖoɖi aɖe dzi. Dzilawo ate ŋu ato woƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo dzi aƒã kpekpeawo dede ƒe vevienyenye ɖe wo viwo me.—Lod. 20:7.

6 Esi fifi nuɖoanyia me nuteɖeamedziwo le dzidzim ɖe edzi la, ele vevie ŋutɔ be míade hame ƒe kpekpe ɖesiaɖe ɣesiaɣi. Neva eme be míabu nuwo ŋu alesi Yehowa bua woe bene míana kpekpewo dede ɣesiaɣi nanye nu vevi aɖe na mí.—Heb. 10:24, 25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe