INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/04 axa 8
  • Srɔ̃ Tamesusu ƒe Nɔnɔme si Nɔ Yesu Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Tamesusu ƒe Nɔnɔme si Nɔ Yesu Si
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Kristo Ƒe Tamesusu Ƒe Nɔnɔme Fia!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Srɔ̃ Yesu Nàtsɔ Ðokuiwò Asa Vɔe Ðe Amewo Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Taɖodzinu Nyui Aɖe Si Míaɖo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Kristo Ƒe Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míelɔ̃a Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 4/04 axa 8

Srɔ̃ Tamesusu ƒe Nɔnɔme si Nɔ Yesu Si

1. Tamesusu ƒe nɔnɔme kae Yesu ɖe fia?

1 Togbɔ be míekpɔ Mawu ƒe Vi Yesu kpɔ o hã la, eƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋuti nuŋlɔɖi si li la na míeva lɔ̃e vavã. (Pet. I, 1:8) Ewɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu hegblẽ eƒe nɔƒe kɔkɔ la ɖi le dziƒo va anyigba dzi. Esi wònye amegbetɔ la, esubɔ amewo ɖokuitɔmadimaditɔe eye emegbe wòtsɔ eƒe agbe na ɖe ameƒomea ta. (Mat. 20:28) Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me.” Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ lae?—Fil. 2:5-8.

2. Kuxi kae Kristotɔ geɖe doa goe, eye nukae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe enu?

2 Ne Ðeɖi Te Mía Ŋu: Togbɔ be Yesu de blibo hã la, ɖeɖi tea eŋu kokoko. Gbeɖeka eɖi ɖase tsitotsito na Samaria-nyɔnu aɖe togbɔ be “mɔzɔzɔ te ɖeɖi” eŋu hã. (Yoh. 4:6) Kristotɔ geɖe doa go kuxi ma ke egbea. Le dɔwɔwɔ ɖeɖiteameŋutɔe le kwasiɖaa me megbe la, ate ŋu adze nu sesẽ be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake ne míekpɔ gome le eme edziedzi la, míakpɔe be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa naa míaƒe dzi dzea eme le gbɔgbɔ me.—Yoh. 4:32-34.

3. Aleke míate ŋu asrɔ̃ alesi Yesu lɔ̃ faa be yeafia nu amewoe?

3 Ɣebubuɣi la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ta teƒe aɖe si sa ɖe aga be yewoagbɔ ɖe eme vie. Gake ameha gã aɖe kpɔ wo hedze wo ŋgɔ yi afima va nɔ wo lalam. Le esi wòave dɔme na Yesu teƒe la, “eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti” eye “wòde asi nu geɖe fiafia me wo.” (Mar. 6:30-34) Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze kple wo wɔwɔ edziedzi bia be nɔnɔme sia ke nanɔ mía si. Ebia agbagbadzedze vevie kple lɔlɔ̃ vavã na amewo. Ne mèle Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖeke wɔm fifia o la, yi edzi nànɔ agbagba dzem be ɖe nasu ye si.

4. Aleke kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si?

4 Tsɔ Gbɔgbɔmenuwo Ðo Nɔƒe Gbãtɔ: Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmedɔwo ŋu wu. Nɔvinyɔnuvi aɖe gblɔ be: “Xɔ̃nye aɖe dada de dzi ƒo na mí ame evea be míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kpli ye le ɣleti aɖe me. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be míewɔe. Edzɔ dzi nam be meva nya nɔviwo ɖe edzi nyuie wu, eye eteƒe medidi o, wova zu abe nye ƒomea me tɔwo ene. Mɔnukpɔkpɔ geɖe wu hã su asinye meƒo nu tso Yehowa ŋu na amewo hefia Fiaɖuƒe nyateƒe xɔasi geɖe wo. Nusiawo katã na mese le ɖokuinye me be mete ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu wu.”—Ps. 34:9.

5. Nukatae wòle be míayi edzi adze agbagba asrɔ̃ tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Yesu si?

5 Le mía dometɔ ɖesiaɖe gome la, avuwɔwɔ aɖe yia edzi le míaƒe ŋutilã madebliboa kple míaƒe didi be míadze Yehowa ŋu dome. (Rom. 7:21-23) Ele be míatsri alɔgblɔdɔ wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si le xexeame. (Mat. 16:22, 23) Yehowa ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea atsɔ akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzedze. (Gal. 5:16, 17) Esi míele lalam be woana ɖeɖe mí ayi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me la, neva eme be míasrɔ̃ tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Yesu si, to Fiaɖuƒea ƒe nuwo kple ame bubuwo ƒe viɖewo tsɔtsɔ ɖo ŋgɔ na mía ŋutɔ mía tɔwoe dzi.—Mat. 6:33; Rom. 15:1-3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe