Yehowa Kpena Ðe Amesiwo Ðoa Ŋu Ðe Eŋu la Ŋu
1 Ame geɖe bua ga, ŋusẽ, kple ŋutete ƒe amesinɔnɔ be woawoe nana wokpɔa dzidzedze. (Ps. 12:5; 33:16, 17; 49:7) Ke hã, kakaɖedzi si tso Biblia me le amesiwo vɔ̃a Yehowa eye woɖoa ŋu ɖe eŋu la si be “woƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye.” (Ps. 115:11) Mina míadzro go eve siwo me wòhiã be míaɖee afia le be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu me.
2 Abe Kristotɔ Subɔlawo Ene: Ɣesiaɣi si míele nu fiam le hamea me alo le gbeadzi la, ele be míaɖo ŋu ɖe mía Mawu la ŋu. Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Togbɔ be Mawu ƒe Vie wònye hã la, meɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya alo ŋutete ŋu o ke boŋ eɖo ŋu ɖe Fofoa si le dziƒo la ŋu bliboe. (Yoh. 12:49; 14:10) Aleke gbegbee wòhiã míawo ya wu enye esi be míawɔ nenema ke! (Lod. 3:5-7) Yehowa ƒe yayra koe ana agbagba sue siwo míedzena la nahe bubu vɛ na eyama ahaɖe vi na amewo.—Ps. 127:1, 2.
3 Míeɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ne míedoa gbe ɖa biana eƒe mɔfiafia kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu. (Ps. 105:4; Luka 11:13) Hekpe ɖe eŋu la, míeɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu ne míetu míaƒe nufiafia ɖe eƒe Nya, Biblia dzi. Ŋusẽ le Biblia me gbedasia ŋu be wòaʋã amewo ƒe dzi ahatrɔ woƒe agbenɔnɔ. (Heb. 4:12) Ne ‘míetsɔ ŋusẽ si Mawu na le subɔsubɔm,’ la, ehea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa.—Pet. I, 4:11.
4 Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ: Ehiã be míadi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ne míedze ŋgɔ nyaƒoɖeamenuwo kple kuxiwo hã. (Ps. 46:2) Le kpɔɖeŋu me, dɔtɔ aɖe ate ŋu agbe be yemaɖe mɔ na mí míade takpekpe aɖe o, alo míate ŋu adze ŋgɔ nɔnɔme sesẽ aɖe le míaƒe ƒomea me. Míeɖea míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fiana ne míedoa gbe ɖa nɛ vevie eye míetsɔa mɔfiafia si wòna to eƒe Nya la kple eƒe habɔbɔa dzi la de dɔwɔna me. (Ps. 62:9; 119:143, 173) Ne Yehowa subɔlawo wɔe alea la, wokpɔnɛ dzea sii be ele kpekpem ɖe yewo ŋu.—Ps. 37:5; 118:13, 16.
5 Yehowa ŋutɔ ka ɖe edzi na mí be: “Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame ƒe nu ɖoŋuɖeŋua enye Yehowa!” (Yer. 17:7) Mina míaɖee fia be míeɖoa ŋu ɖe eŋu le nusianu si míewɔna me!—Ps. 146:5.