Srɔ̃ Yehowa ƒe Dzɔdzɔenyenye
1 “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Ps. 37:28) Le esia ta togbɔ be eɖoe be yeatsrɔ̃ xexe mawɔnuteƒe sia hã la, ewɔ ɖoɖo be woaxlɔ̃ nu amewo gbã. (Mar. 13:10) Esia na mɔnukpɔkpɔ amewo be woatrɔ dzime ne woakpɔ ɖeɖe. (Pet. II, 3:9) Ðe míedzea agbagba srɔ̃a Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenyea? Ðe nɔnɔme wɔnublanui kple fukpekpe siwo me tom ameƒomea le ʋãa mí míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa na amewoa? (Lod. 3:27) Ne míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye la, ekema aʋã mí be míaɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe.
2 Ðe Gbeƒã na Ame Ƒomevi Ðesiaɖe: Ne míeɖea gbeƒã Mawu ƒe tameɖoɖo ameŋkumemakpɔmakpɔe la, ke míewɔa “nusi le eteƒe.” (Mixa 6:8) Ele be míatsri blibomademade ƒe nɔnɔme si nana be wonɔa te ɖe gotagome dzedzeme dzi bua nazã ɖe amewo ŋu. (Yak. 2:1-4, 9) Yehowa le “didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Mawu ƒe nyateƒenya la ate ŋu ahe tɔtrɔ wɔnukuwo va amewo ƒe agbenɔnɔ me. (Heb. 4:12) Esia nyanya ate ŋu aʋã mí be míatsɔ kakaɖedzi ate ɖe amewo ŋu, ate ɖe amesiwo ɖewohĩ wogbe toɖoɖo le ɣeyiɣi siwo va yi me kura gɔ̃ hã ŋu.
3 Nɔvinyɔnu aɖe si wɔa dɔ le fiase aɖe me ƒe asisiwo dometɔ ɖeka ƒe dzedzeme naa wòvɔ̃na nɛ. Gake esi nya aɖe do mo ɖa gbeɖeka la, nɔvinyɔnua dze agbagba ɖe gbeƒã nɛ tso Paradiso si ŋugbe Mawu do ŋu. Ŋutsua ɖo eŋu kple dziku be yemexɔa ameblenyawo dzi sena o, be yenɔa agbe alesi yedii, eye be yezãa atike vɔ̃ɖi hã. Gake dzi meɖe le nɔvinyɔnua ƒo o. Gbeɖeka ŋutsua va biae be nukae wòsusu le yeƒe ɖa legbeea ŋu mahã, eye nɔvinyɔnua tsɔ aɖaŋudzedze gblɔ Biblia ƒe nukpɔsusu ku ɖe nya sia ŋu nɛ. (Kor. I, 11:14) Esi ŋu ke la, ewɔ moya na nɔvinyɔnua ŋutɔ esi wòkpɔe be ŋutsua lũ ge eye wòkpa ɖa hã ɖe nɔnɔme nyui aɖe me! Ŋutsua bia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye nɔviŋutsu aɖe lɔ̃ faa srɔ̃e kplii; ŋutsua wɔ ŋgɔyiyi, ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ. Abe ŋutsu sia ene la, egbea Yehowa subɔla geɖe daa akpe be amesiwo tsɔ Fiaɖuƒe gbedasia vɛ na yewo la wɔe kutrikukutɔe eye womekpɔ ame ŋkume o.
4 Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖa le anyigba dzi. (Pet. II, 3:10, 13) Esi ɣeyiɣi ʋɛ aɖe gasusɔ ta la, mina míasrɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ana mɔnukpɔkpɔ amesiame be wòasi tso Satana ƒe xexe mawɔnuteƒe sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna nu.—Yoh. I, 2:17.