Akpa 2—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Dzadzraɖo ɖe Nusɔsrɔ̃a Wɔwɔ Ŋu
1 Nufiafia nyuie ne wole Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm bia nu geɖe wu nyatia me dzodzro kple mawunyakpukpui siwo woyɔ la xexlẽ ko. Ehiã be míanya alesi míafia nua ale be wòaʋã nusrɔ̃via ƒe dzi. Esia bia be míabu nusrɔ̃via ŋu ahadzra ɖo nyuie be wòaɖe vi nɛ.—Lod. 15:28.
2 Alesi Nàdzra Ðoe: Gbã la, tsɔ nusrɔ̃via kple eƒe nuhiahiãwo de gbedodoɖa me na Yehowa. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖo nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ. (Kol. 1:9, 10) Be nàse nyatia gɔme nyuie la, gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le nusɔsrɔ̃a ƒe tanya, tanya sueawo, kple nɔnɔmetata siwo anɔ eme ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Nufiame vevi ka koŋue le nyati sia me?’ Esia akpe ɖe ŋuwò nàte gbe ɖe nya veviawo dzi ne èle nusɔsrɔ̃a wɔm.
3 Dzro nyatia ƒe memama ɖesiaɖe me nyuie. Di ŋuɖoɖo na nyabiase siwo le agbalẽa me, eye te fli ɖe nya alo nyagbɔgblɔ veviawo ko te. De ŋugble tso alesi mawunyakpukpui siwo woyɔ la ku ɖe nya vevi si le memamaa me ŋui, eye tia esiwo miaxlẽ le nua srɔ̃ɣi. Ðewohĩ nuŋlɔɖi kpui aɖewo wɔwɔ tso mawunyakpukpuiawo ŋu le agbalẽa ƒe axaa ƒe teƒe siwo le ƒuƒlu akpe ɖe ŋuwò. Ele be nusrɔ̃via nase egɔme nyuie be Mawu ƒe Nya la mee nusiwo srɔ̃m yele la tso.—Tes. I, 2:13.
4 Nusɔsrɔ̃a Nesɔ Ðe Nusrɔ̃via ƒe Nuhiahiãwo Nu: Eyome na nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nenɔ susu me na wò nàde ŋugble le nusɔsrɔ̃a ŋu. Dze agbagba nàbu tame le nya siwo wòate ŋu abia kple akpa siwo ɖewohĩ asesẽ nɛ be wòase wo gɔme alo alɔ̃ ɖe wo dzi la ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Nuka gɔmee wòhiã be wòase alo si ŋu wòle be wòatrɔ asi le ale be wòate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me? Aleke mawɔ aɖo eƒe dzi gbɔe?’ Azɔ trɔ wò nufiafiaa wòasɔ ɖe nu mawo nu. Ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ àkpɔe be ehiã be yeadzra ɖo ɖe kpɔɖeŋu aɖe, numeɖeɖe aɖe, alo nyabiase vovovo aɖewo siwo akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase nyati aɖe alo mawunyakpukpui aɖe gɔme nyuie ŋu. (Nex. 8:8) Gake mègatsɔ nya bubu siwo mehiã na nya veviawo gɔmesese o la de eme o. Ne miewɔ numedzodzro kpui aɖe le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu la, akpe ɖe eŋu nya veviawo natsi susu me nɛ.
5 Aleke gbegbee wòdzɔa dzi na mí enye esi ne ame yeyewo va le dzɔdzɔenyenye ƒe ku tsem hena Yehowa ƒe kafukafu! (Fil. 1:11) Be nàkpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woaɖo taɖodzinu ma gbɔ la, dzra ɖo nyuie do ŋgɔ ɣesiaɣi si nàwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe.