Nutome Gã Takpekpe Ʋã Mí be Míazɔ Kple Mawu
“Zɔ Kple Mawu” Nutome Gã Takpekpea te gbe ɖe Yehowa ƒe mɔfiame sia si me kɔ nyuie la dzi ŋutɔ, be: “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yes. 30:21) Nufiame siwo míexɔ la dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu ‘míalé ŋku ɖe alesi míezɔnae ŋu.’ (Ef. 5:15) Ŋugbledede le nusiwo míesrɔ̃ ŋu akpe ɖe mía ŋu esi ‘míeyi edzi le zɔzɔm le nyateƒea me.’—Yoh. III, 3.
Zã nyabiabia siwo gbɔna kple nuŋlɔɖi siwo wò ŋutɔ nèwɔ le takpekpea me nàtsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro si míawɔ tso ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpea ŋu eye nàkpɔ gome le nya siwo woabia la ŋuɖoɖo me. Míawɔ numedzodzro sia le Subɔsubɔ Kpekpe si míawɔ le March 7 ƒe kwasiɖaa me la me.
1. Nukae kpe ɖe Henox ŋu wòte ŋu zɔ kple Mawu togbɔ be enɔ agbe le ɣeyiɣi sesẽwo me hã? (Heb. 11:1, 5, 6; Yuda 14, 15; “Zɔ Kple Mawu le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me”)
2. Agbe me nɔnɔme kawo mee míate ŋu awɔ gɔmeɖose si le Luka 16:10 ŋudɔ le? (“Ðe ‘Nèwɔa Nuteƒe le Nu Suetɔ Kekeake Mea’?”)
3. (a) Yɔ nu vevi ene aɖewo siwo dze le Hosea ta 6 vaseɖe 9 me siwo akpe ɖe mía ŋu míazɔ kple Mawu. (Hos. 6:6, 7; 7:14; 8:7) (b) Nya bubu siwo le Hosea ta 10 vaseɖe 14 me kawoe kpena ɖe mía ŋu míezɔna kple Mawu? (“Hosea ƒe Nyagblɔɖia Kpena Ðe Mía Ŋu Míezɔna Kple Mawu”—Nuƒo Kpuiwo)
4. Nukawoe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu awɔ ŋutɔŋutɔ ana woƒe srɔ̃ɖeɖe me nasẽ? (Lod. 12:4; Ef. 5:29; “Migama ‘Nusi Mawu Bla’ la Me O”)
5. Aleke míeɖenɛ fiana be míedea bubu míaƒe ƒuƒoƒo kɔkɔewo ŋu? (Nyagb. 5:1; Yes. 66:23; “Bubudede Míaƒe Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo Ŋu”)
6. (a) Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vevi etɔ̃ kawo mee wòle be míadzro ale be míaka ɖe edzi be míele dɔa wɔm nyuie? (Yes. 52:7; Zax. 8:23; Mar. 6:34) (b) Nukae nèkpɔ be ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ŋutɔ le agbalẽvi si nye Good News for People of All Nations (Nyanyui na Dukɔ Ðesiaɖe Me Tɔwo) me? (“Kpekpe Ðe Gbebubudolawo Ŋu”)
7. Aleke míawɔ akpe ɖe ame yeyewo ŋu be kakaɖedzi nanɔ wo me ɖe Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ ŋu? (Ʋɔn. 7:17; “Kpekpe Ðe Ame Geɖewo Ŋu be Woava Wɔ Ðeka Kpli Mí le Subɔsubɔdɔa Me”)
8. Aleke míeɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe”? (Zef. 1:14; “Zɔzɔ le Xɔse me, Ke Menye le Nukpɔkpɔ me O”)
9. (a) Aleke gbegbee amenuɖiaɖia alo nukikli zuzu na amewo nye nu gbegblẽe? (Mar. 9:42-48) (b) Aleke míawɔ be woagaɖia mía nu o? (Ps. 119:165) (d) Aleke míawɔ atsri ame bubuwo nu ɖiaɖia? (Kor. I, 10:24; “Ƒo Asa na ‘Amenuɖiaɖia’”)
10. Aleke míawɔ ada asɔ ne míedi be míaɖe srɔ̃, azã dɔdamɔnu aɖe, kple ne míele dɔwɔnyawo gbɔ kpɔm? (Ps. 26:4; Mat. 6:25; Tim. I, 6:9; “Minɔ Mo Xexi Bliboe”)
11. (a) Nukae ɖe dzesi le ɣeyiɣi siwo amewo kpe Yesu va wo ƒeme ŋu? (Luka 10:42; 24:32) (b) Aleke míawɔ ana dzidzɔdonameɖokuinu siwo míawɔ la ana mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe dzi nadze eme? (Kor. I, 10:31-33; “Wɔna Tuameɖo Siwo Naa Ame ƒe Dzi Dzea Eme”)
12. Yayra kawoe Psalmo 23 lia gblɔ be mí Yehowa ƒe alẽwo míexɔna, eye agba kawoe le mía dzi? (Kor. I, 10:21; “Yehowae Nye Mía Kplɔla”)
13. Aleke Kristotɔwo wɔna ɖe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me be ‘woawɔ ɣeyiɣi la ŋudɔ nyuie’ la dzii? (Ef. 5:16; “Wɔ Ɣeyiɣi la Ŋudɔ Nyuie”)
14. (a) Nukawoe adzɔ le ‘ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo’ si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 14:7 la dzi? (b) Aleke míeɖenɛ fiana ŋutɔŋutɔ be míenye Babilon Gã la ƒe akpa aɖeke o? (“‘Minɔ Ŋudzɔ’—Ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la Ðo”) (d) Nukawoe do dzidzɔ na wò le Minɔ Ŋudzɔ! ƒe agbalẽ gbadza la ŋu?
15. Yɔ nɔnɔme etɔ̃ siwo hiã be woakpɔ mía ta be ‘míagagblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi o.’ (Pet. II, 2:15; “Kpɔ Nyuie be ‘Nàgagblẽ Mɔ Dzɔdzɔe la Ði’ O”)
16. Aleke sɔhɛwo awɔ aƒo asa na “ame vɔ̃ɖiwo toƒe” toto? (Lod. 4:14; “Sɔhɛwo—Mizɔ Dzɔdzɔenyenyemɔ la Dzi”)
17. (a) Mɔ kawo nue Paulo ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui ŋutɔ aɖe ɖi le? (Dɔw. 14:19, 20; 16:25-33) (b) Nukatae mehiã be míavɔ̃ amesiwo tsia tre ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu o? (Drama, kple nuƒo si nye “Ði Ðase Tsitotsito Egbea Togbɔ Be Wotsi Tre Ðe Mía Ŋu Hã”)
18. Yayra kawoe amesiwo zɔna kple Mawu la kpɔna? (“Zɔzɔ Kple Mawu Ðea Vi tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me”)
Mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo to ‘nya si le mía megbe’ ale be míazɔ kple mía Fofo si le dziƒo la yi ɖe mavɔmavɔ me.—Yes. 30:21; Yoh. 3:36.