Ƒe 2005 “Toɖoɖo Mawu” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
1, 2. (a) Ðoɖo vevi kae Yehowa wɔna ƒe sia ƒe be míaxɔ teokrasi nufiame? (b) Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ɖe ƒe sia me “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea ŋu?
1 Yehowa Mawu, míaƒe Nufiala Gãtɔ, wɔa ɖoɖo na mí be míaƒo ƒu ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu. (Yes. 30:20, 21; 54:13) Ewɔa esia toa dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la dzi, eye dɔla sia wɔa ɖoɖo ɖe kpekpe siwo dometɔ aɖewoe nye míaƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo ŋu. (Mat. 24:45-47) Míaƒe seselelãmewo sɔ kple hakpala Dawid tɔ, amesi dzi ha be: “Makafu Yehowa le takpekpewo me.” (Ps. 26:12) Dawid se egɔme nyuie be asixɔxɔ le eŋu be Yehowa nanye ame ƒe nufiala, eyata eɖoe kplikpaa be yeanɔ eƒe amewo dome ɣesiaɣi si woaƒo ƒu ɖekae.
2 Ànɔ ame gbogbo siwo ade ƒe sia me ƒe “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea domea? Ne ànɔ wo dome la, ekema nyatakaka siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò le wò dzadzraɖowo wɔwɔ me.
3. (a) Ðoɖo kawoe wòle be míawɔ fifia be míade takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã? (b) Nukata wòle vevie be míaka ɖe Yehowa dzi le míaƒe dzadzraɖowo wɔwɔ me?
3 Wɔ Ðoɖo Fifia be Nàde Ŋkeke Ðesiaɖe: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” (Lod. 21:5) Ðe nya mawo mefia be ele vevie be nàwɔ ɖoɖo kaba ɖe takpekpea dede ŋu oa? Be nàna be takpekpea ƒe gbɔgbɔmewɔna dedziƒoname sia ƒe akpa aɖeke nagato ŋuwò o la, anyo be nàdze dzadzraɖo siwo hiã gɔme fifia be nàde ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne wòahiã be nàbia mɔ le dɔme la, ke bia mɔ fifia. Ne ahiã be nàgblɔe na wò kpeɖeŋutɔ si menye Ðasefo o la, ke mègalala takpekpea nagogo hafi o. Àte ŋu adze ga dzadzraɖo gɔme tso fifia na takpekpea yiyi. Kuxi ka kee nàdo goe o, wò ya do gbe ɖa le wo ŋu na Yehowa eye kakaɖedzi nenɔ asiwò be “wò tameɖoɖowo adze dzi.” (Lod. 16:3) Gakpe ɖe eŋu la, anyo be nàkpe ɖe wò Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu le woƒe dzadzraɖowo wɔwɔ me be takpekpea ƒe akpa aɖeke nagato wo ŋu o.
4. Aleke wokpea xɔbiagbalẽviwo ɖo heɖonɛ ɖae?
4 Dzeƒewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, ekema taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvi ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe miaɖoe ɖe takpekpe si miade la wɔƒe. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
5. Ne wona dzeƒe mí le amewo ƒe aƒewo me la, aleke míawɔ aɖee afia be míenye amedzro nyui siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?
5 Woana dzeƒe nɔvi aɖewo ɖe amewo ƒe aƒewo me. Ate ŋu anye mía nɔviwo loo alo ame bubuwo ƒe aƒewo me. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Amesiwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be woa kple wo viwo wɔ nu bubutɔe le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye womanɔ amesi gbɔ wodze ƒe nuwo me kam, agblẽ woƒe nunɔamesiwo, ada afɔ ɖe kplɔ̃wo alo zikpuiwo dzi, alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Enyea bubu ɖeɖefia ne míekpɔ egbɔ be míaƒe xɔa me le dzadzɛ gbesiagbe. Ne xɔtɔwo do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzikpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu. Ne míedze amewo gbɔ la, mele be míakpɔ mɔ be míaƒe aƒetɔwo nawɔ nusianu na mí o.
6. Ne míedze amedzrodzeƒe la, aleke míawɔ aɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple bubu afia amewoe?
6 Ne èɖoe be yeava dze amedzrodzeƒe la, ke ɖo ŋku edzi nàna wò agbenɔnɔ, nuƒoƒo, kple awudodo nanye ɖaseɖiɖi nyui. Mele be míawɔ nu ɖe kplɔ̃ɖolawo alo xɔmedzraɖolawo ŋu bubumadeameŋutɔe gbeɖe o. Togbɔ be míexea fe ɖe woƒe dɔwɔnawo ta hã la, ele be míade bubu wo ŋu. Esia ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe amewo to vovo tso amesiwo si Biblia me sidzedze mesu o, siwo meɖea lɔlɔ̃ kple bubu fiana o, la gbɔ.
7, 8. (a) Aleke míawɔ akpe ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu tɔxɛ ŋu be woade takpekpea? (b) Amekawoe dze na ɖoɖo tɔxɛwo eye amekawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ na wo?
7 Hiahiã Tɔxɛwo: Apostolo Paulo ƒo nu tso nɔvi aɖewo ŋu be wonye yeƒe ‘ŋusẽdoamelawo.’ (Kol. 4:7-11) Mɔ siwo dzi woto na kpekpeɖeŋu Paulo dometɔ ɖekae nye be wokpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Aleke nàte ŋu anye ‘ŋusẽdoamela’ na ame bubuwo le takpekpe nyawo mee? Ðewohĩ gbeƒãɖela tsitsiwo, dɔnɔwo, amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, kple ame bubuwo ahiã na kpekpeɖeŋu le ʋuɖoɖo, dzeƒe, kple nu bubuwo me. Ƒometɔwo koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be woakpe ɖe amesiawo ŋu. (Tim. I, 5:4) Gake ne ŋutete mele wo ŋu o la, ekema haxɔsetɔwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu. (Yak. 1:27) Ele be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nate ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu le woƒe ƒuƒoƒoa me ŋu, ahakpɔ egbɔ be wodzra ɖo do ŋgɔ hena takpekpea yiyi.
8 Ne gbeƒãɖela si ŋu hiahiã tɔxɛ le kpe Xɔbiagbalẽvi ɖo la, ele be Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia nazã mɔfiame siwo wona ɖe agbalẽvia dzi atsɔ adzro eme. Ele be woakpɔe ɖa be hamea ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe hiahiãa gbɔ kpɔkpɔ ŋu hã. Gbeƒãɖela siwo si tenɔnɔ nyui le, kpakple wo vi siwo nɔa agbe nyui, koe woawɔ ɖoɖo tɔxɛwo na. Ne biabia aɖewo le Xɔdidɔwɔƒea si ku ɖe amesi ŋu hiahiã tɔxɛ le ŋu la, woaxɔ ŋuɖoɖoa tso hamea ƒe agbalẽŋlɔla gbɔ.
9, 10. (a) Nukata wòanyo be nàde takpekpe si wotia na miaƒe hamea? (b) Nɔnɔme kawoe ate ŋu awɔe be hame aɖewo nayi takpekpe bubu si menye eyae wotia na wo o?
9 Takpekpe Bubu Dede: Be zikpui, agbalẽ, dzeƒe, kple nu bubuwo nasu amesiame nu le takpekpea me la, míele dzi dem ƒo na nɔviwo be woayi takpekpe si wotia na woƒe hamea. Ne nɔnɔme aɖewo abia be nàyi takpekpe bubu aɖe la, ekema àkpɔ takpekpe si nàde ƒe adrɛs le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Ne woawɔ takpekpe geɖe le du ma me la, ke na woanya esi yi ge nàla ƒe ŋkekeawo.
10 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didime, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ ate ŋu awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia nutome gã takpekpe bubu si woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso Habɔbɔa gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu si le nɔnɔme nyui me eye afɔku manɔ eɖoɖo me o. Ele be hamemegãwo nakpɔ egbɔ hã be ʋuawo metsɔ ame sɔgbɔ akpa wòatsi tre ɖe Kaisaro ƒe se ŋu o.
11, 12. (a) Gbɔgbɔ ka ƒomevie amesiwo tsɔa wo ɖokui nana faa be yewoawɔ dɔ le takpekpewo me la ɖena fiana. (b) Dɔwɔƒe kawoe wohiã ame geɖe be woatsɔ wo ɖokui ana akpe asi ɖe dɔa ŋu le?
11 Wohiã Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo: Yesu ɖo ɖetsɔtsɔ le amewo ƒe nuhiahiãwo me ɖokuibɔbɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. (Luka 9:12-17; Yoh. 13:5, 14-16) Amesiwo tsɔa wo ɖokui nana faa be yewoawɔ dɔ le takpekpewo me la ɖea gbɔgbɔ ma ƒomevi fiana. Míeka ɖe edzi be hame siwo katã le takpedua me kple esiwo te ɖe takpedua ŋu awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea me, le kwasiɖaa ƒe ŋkekewo dzi kple kwasiɖanuwuwuwo siaa.
12 Eteƒe madidi o, mia gbɔ Takpekpe Dzikpɔkɔmitiwo amia asi amewo be woava kpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ nuhiahiãwo gbɔ le takpekpe dɔdzikpɔƒe vovovoawo. Vevietɔ woahiã kpekpeɖeŋu le Anyinɔƒegbɔkpɔkpɔ, Ʋutɔɖoƒe, kple Dzadzɛnyenye Dɔwɔƒewo. Ðe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana le dɔwɔƒe siawo alo dɔwɔƒe bubuawoa? Hiahiã li, vevietɔ na hamemegãwo be woatsɔ wo ɖokui ana axɔ dɔdasiwo. Ðokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ sia nyea kpɔɖeŋu na hamea me tɔwo katã.—Pet. I, 5:2, 3.
13. (a) Nukae wole mɔ kpɔm be takpekpevala ɖesiaɖe nadzra ɖo atsɔ ɖe asi gbesiagbe, eye nukatae? (b) Aleke esia dzi wɔwɔ nyea toɖoɖo kple bubudede teokrasi ɖoɖowo ŋui?
13 Nuɖuɖunyawo: Ƒe ʋɛ aɖewo va yi tso esime míetrɔ ɖe ɖoɖo yeye si nye be “nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke manɔ anyi o” ŋu le míaƒe takpekpewo me. Wobia tso vavalawo katã si be woatsɔ nuɖuɖu siwo mekpena fũ o alo ahaviviwo ɖe asi vɛ bene woaɖu alo ano le ŋdɔme ɖiɖiɖemeɣia. Esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ takpekpewɔƒea na hadede tuameɖowo tsɔ wu be míanɔ tsatsam ava nɔ nuɖuɖu kple nunono dim le esi míetsɔ ɖeke vɛ o ta. Ne míezɔ mɔ tso didiƒe yi takpedua me gɔ̃ hã la, ele be míawɔ dzadzraɖo adi ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi na mía kple míaƒe ɖetsɔlemetɔwo ale be míagava nɔ tsatsam alo ava nɔ nuɖuɖu kple tsinono dim le nudzralawo gbɔ o. Ðoɖo sia dzi wɔwɔ fia be míele míaƒe susu hem tso nuɖuɖunyawo ŋu yi gbɔgbɔmenu siwo hiã vevie wu la dzi.
14. Nukata mele be míagblẽ gbeɖuɖɔwo ɖe anyigba le takpekpewɔƒea o?
14 Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisi míanɔ aɖu nu le le ɖiɖiɖemeɣia bene míagagblẽ zikpuiwo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o. Gbelɔnuwo anɔ takpekpe ɖesiaɖe wɔƒe. Miwɔ esiawo ŋudɔ.
15. Nukae mele be amesiwo di be yewoalé nya ɖe kasɛt alo video dzi la nawɔ o?
15 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubuwo alo ahe woƒe susu o nu. Vevietɔ mele be woatsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
16. Kpɔɖeŋu eve kawoe ɖe alesi míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ hea kafukafu vɛ na Yehowa Mawu fiae?
16 Nusi Ame Bubuwo Dea Dzesi Le Mía Ŋu: Amedzrodzeƒedzikpɔlawo ƒe amegã aɖe gblɔ be: “Miawoe nye ƒuƒoƒo si ƒe nya gbɔ koŋ míelɔ̃na. Ne wotsɔ mi sɔ kple ƒuƒoƒo bubuwo la, miawoe dea bubu ame ŋu wu. Míaƒe dɔwɔlawo katã ƒoa nu nyui le mia ŋu be miewɔa nu ɖe ame ŋu bubutɔe, eye mienaa nu ame hã. Le nyateƒe me la, amesiame dina be yeawɔ dɔ le kwasiɖa ƒe nuwuwu siwo mieva dzea afisia!” Amedzrodzeƒe dɔwɔlawo teƒenɔla bubu gblɔ be: “Yehowa Ðasefowoe nye habɔbɔ si wònɔa bɔbɔe be woawɔ dɔ kpli wu bubu ɖesiaɖe.” Ðewohĩ wò kpɔɖeŋu nyui ɖoɖoe ana woagblɔ nya siawo tɔgbe le ƒe sia hã me. Bu alesi Yehowa anya kpɔ dzidzɔe ne ekpɔ mí míele nu wɔm le mɔ si hea kafukafu mawo ƒomevi vɛ nu la ŋu kpɔ!—Pet. I, 2:12.
17. Nukatae wòle be míaɖoe kplikpaa ade “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã?
17 Yehowa to “xɔnuvi nuteƒewɔla” dzi wɔ ɖoɖo na eƒe amewo be woaƒo ƒu axɔ nufiame le ƒe sia me. (Luka 12:42) Togbɔ be dzadzraɖo wɔwɔ be míade ŋkeke etɔ̃awo katã abia agbagbadzedze geɖe hã la, eƒe viɖewo sɔ gbɔ ale gbegbe. Míeka ɖe edzi be ƒe sia me ƒe “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea ado ŋusẽ míaƒe nyametsotso be míasubɔ Yehowa tso fiafia yi ɖe mavɔmavɔ me. Mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ ɖe hakpalaa ƒe nuxlɔ̃menya dzi be: ‘Mikafu Mawu le takpekpewo me.’—Ps. 68:27.
Takpekpea ƒe Gamewo
Fiɖa kple Memleɖa
Ŋdi ga 9:30 - Ɣetrɔ ga 5:05
Kwasiɖa
Ŋdi ga 9:30 - Ɣetrɔ ga 4:10
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Dze Dzadzraɖo Wɔwɔ Ðe Takpekpea Ŋu Gɔme Fifia
• Wɔ ɖoɖo nyuie be nàte ŋu ade takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã.
• Bia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ fifia.
• Dze ga dzadzraɖo gɔme tso fifia na takpekpea yiyi.
• Tsɔ ŋkeke ɖesiaɖe ƒe nuɖuɖu kple tsinono ɖe asi ale be màdzo le takpekpewɔƒea be yeava ƒle nu le nudzralawo gbɔ o.
• Wɔ ɖoɖo be wò ƒomea me tɔwo KATÃ nakpɔ gome le ɖoɖowɔɖia katã me.