INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/05 axa 1
  • Da Akpe na Yehowa ɖe Eƒe Amenuveve Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Da Akpe na Yehowa ɖe Eƒe Amenuveve Ta
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • ‘Milɔ̃ Yehowa, Mi Nuteƒewɔlawo Katã’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Tafea Naɖe Vi na Wo Míaɖu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nu Si Tae Míedea Ŋkuɖodzia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 2/05 axa 1

Da Akpe na Yehowa ɖe Eƒe Amenuveve Ta

Míaɖu Kristo ƒe Ku ƒe Ŋkuɖodzia le March 24

1. Alekee Yehowa ve mía nui?

1 Hakpala la gblɔ be: “[Amewo] neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!” (Ps. 107:8) Mawu ƒe amenuveve menye dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ ɖeɖefia ame dzro ko o. Nyateƒenya ma dze kɔte le kafukafunya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la me be: ‘Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi.’ (Ps. 94:18) Aleke gbegbe Yehowa ve mía nue nye esi be wòtsɔ eƒe Tenuvia na ɖe mía ta!—Yoh. I, 4:9, 10.

2. Aleke míawɔ aɖee afia be míedaa akpe na Yehowa?

2 Esi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le aƒe tum la, alekee míawɔ ada akpe na ‘amenuveve ƒe Mawu la’? (Ps. 59:17) Mía dometɔ ɖesiaɖe adi be yeadi ɣeyiɣi ade ŋugble tso nusiwo dzɔ le Yesu ƒe anyigba dzi gbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛawo me ŋu. (Ps. 143:5) Aɖe vi hã ne míezɔ ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi tɔxɛ si wowɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—2005 me hena Ŋkuɖodzia dzi, eye ne anya wɔ la, míaxlẽ nu geɖe ahawɔ numekuku le Ame Vevitɔ Kekeake ƒe agbalẽa ƒe ta siwo nye 112-16 kpakple Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo me akpee. De ŋugble tso nusiwo nèxlẽ la ŋu be wòaɖo dzi gbɔ na wò. (Tim. I, 4:15) Menye ŋusẽ ɖeɖekoe gbedodoɖa hafi asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la dona míaƒe dzi o, enana míeɖea lɔlɔ̃ fiana Yehowa hã.—Mat. 22:37.

3, 4. (a) Alekee míawɔ asrɔ̃ mía nɔvi siwo le Liberia ƒe kpɔɖeŋu? (b) Amekawoe nèɖo be yeakpe ava Ŋkuɖodzia?

3 De Dzi Ƒo Na Ame Bubuwo be Woada Akpe na Mawu: Ame 16,760,607 ye va Ŋkuɖodzia le xexeame godoo le ƒe si va yi me. Le kɔƒe aɖe me le Liberia la, nɔviawo ŋlɔ lɛta na dua me fia gblɔ alesi woɖoe be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le eƒe dua me la nɛ. Fia la ɖe mɔ na nɔviawo be woawɔ wɔnaawo le bɔlƒoƒe si le dua me eye wòna woɖe gbeƒã wɔnaa le nutoa katã me kpe amewo. Togbɔ be gbeƒãɖela atɔ̃ koe le kɔƒe ma me hã la, ame 636 ye va Ŋkuɖodzia!

4 Nenema kee míawo hã míedi be míakpe ɖe ame gbogbo sinu míate ŋui ŋuti woava wɔ ɖeka kpli mí míaɖu Ŋkuɖodzia. Ðe manyo be nàŋlɔ amesiwo nèdi be yeakpe la ƒe ŋkɔ da ɖi oa? Nɔnɔmetata siwo le March 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! kple March 15 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaawo dzi la le amewo kpem be woava Ŋkuɖodzia. Míate ŋu azã Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviawo hã. Tsɔ mɔ̃ alo asi ŋlɔ gamea kple afisi woawɔ Ŋkuɖodzia le nyuie ɖe amekpegbalẽvia dzi eye nàna ɖeka amesiame si nèkpe. Ne March 24 le aƒe tum la, trɔ yi ameawo gbɔ ake nàva ɖo ŋku ɖoɖoawo dzi na wo zi mamlɛa.

5. Alekee míate ŋu ade dzi ƒo na míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo be woava?

5 Alekee míawɔ akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi siwo mele kpekpeawo dem haɖe o ŋu be woava wɔna sia teƒe ale be wòaɖe vi na wo bliboe? Zã miniti ʋɛ aɖewo le miaƒe nusrɔ̃ɣi ɖesiaɖe nàtsɔ atu alesi wòle vevie be woakpɔ ŋudzedze ɖe azãa ŋui la ɖo ɖe wo me. Nyatakaka nyuiwo le March 15, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 3-7 kple Reasoning-gbalẽa, axa 266-9 me.

6. Nukatae wòle vevie be míado dzaa na Ŋkuɖodzia valawo?

6 Do Dzaa na Vavalawo: Te ɖe vavalawo ŋu nàdo dzaa na wo le Ŋkuɖodzia. (Rom. 12:13) Wɔ ɖoɖo nànɔ anyi ɖe amesiwo nèkpe la xa eye nàkpɔ egbɔ be Biblia kple hadzigbalẽ le wo si. Míadze agbagba etɔxɛ hã ate ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dzudzɔ gbeadzi dede gake dze agbagba va la ŋu ado gbe na wo vividoɖeameŋutɔe. Míaƒe ɖetsɔtsɔ le wo me lɔlɔ̃tɔe alea ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woagadze hadede kple hamea edziedzi ake. (Luka 15:3-7) Mina míawɔ nusianu si míate ŋui ade dzi ƒo na ame bubuwo woava wɔ ɖeka kpli mí míada akpe na Yehowa ɖe alesi ‘wòɖe eƒe amenuveve fia mí nukutɔe’ la ta le wɔna vevitɔ kekeake sia me.—Ps. 31:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe