Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Akpa 9: Hehe Nana Nusrɔ̃viwo be Woaɖi Vomeɖase
1 Esi Andrea kple Filipo va nyae be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo la, womete ŋu mia nu ɖe nya dodzidzɔname sia gbɔgblɔ na ame bubuwo dzi o. (Yoh. 1:40-45) Nenema kee egbea ne Biblia-nusrɔ̃viwo dze egɔme le nusi srɔ̃m wole la dzi xɔm se ko la, eʋãa wo be woaƒo nu le eŋu. (Kor. II, 4:13) Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na wo be woaɖi vomeɖase ahana hehe wo be woawɔe nyuie?
2 Àte ŋu abia nusrɔ̃via kpuie ko be eƒoa nu tso nusiwo wòsrɔ̃ le Biblia me ŋu na ame bubuwo hã. Ðewohĩ xɔlɔ̃ kple ƒometɔ aɖewo le esi wòate ŋu akpe be woakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me. Biae be eƒe dɔwɔhati, sukuhati, alo ame nyanyɛ bubu aɖewo ɖe ɖetsɔleme fia ɖe nyanyuia ŋu hã. To mɔ sia dzi la, ate ŋu adze egɔme anɔ ɖase ɖim. Kpe ɖe eŋu wòakpɔe be ehiã be wòaɖe nugɔmesese, bubu, kple ameŋububu afia ne ele nu ƒom na ame bubuwo tso Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.—Kol. 4:6; Tim. II, 2:24, 25.
3 Woƒe Dzixɔse Gbɔgblɔ: Ele vevie ŋutɔ be míana hehe Biblia-nusrɔ̃viwo be woazã Mawu ƒe Nya la ne wole woƒe dzixɔsewo gblɔm na amewo. Ne mieɖo nusɔsrɔ̃a ƒe teƒe vevi aɖewo la, bia nusrɔ̃via be: “Aleke nàzã Biblia atsɔ aɖe nyateƒenya sia me na wò ƒomeae?” alo “Mawunyakpukpui kae nàtsɔ aɖe nya sia me na xɔ̃wò aɖee?” Ðo to alesi wòle nya ŋu ɖomee, eye nàfiae alesi wòatu eƒe nufiafia ɖe Ŋɔŋlɔawo dzii. (Tim. II, 2:15) To esia wɔwɔ dzi la, ànɔ hehe nam nusrɔ̃via be wòaɖi vomeɖase eye ne eva dze la, be wòakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe me kple hamea.
4 Nunya le eme be míana hehe Biblia-nusrɔ̃viwo be woakpe akɔ kple tsitretsiɖeŋu. (Mat. 10:36; Luka 8:13; Tim. II, 3:12) Ne ame bubuwo bia nyabiasewo alo tsɔ nya ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu la, esia aʋu mɔnukpɔkpɔ na nusrɔ̃viwo be woaɖi ɖase. Agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse? ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ ‘klalo be woaʋli woƒe dzixɔsewo ta.’ (Pet. I, 3:15) Nyatakaka nyui aɖewo le eme si ame yeyewo ate ŋu azã atsɔ akpe ɖe wo xɔlɔ̃ kple woƒe ƒometɔ siwo atsɔ susu nyui anɔ tsitre tsim ɖe wo ŋu la ŋu woase míaƒe Biblia me dzixɔsewo kple dɔwɔnawo gɔme.