Kpe Ðe Amewo Ŋu be ‘Woaɖo To tso Dzi Me Faa’
1. Nukae Mawu di tso esubɔlawo si?
1 Toɖoɖo hiã vevie hafi míaƒe tadedeagu nate ŋu adze Yehowa ŋu. (Mose V, 12:28; Pet. I, 1:14-16) Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to nyanyui la o” dzi kpuie. (Tes. II, 1:8) Aleke míawɔ akpe ɖe amewo ŋui be ‘woatso dzi me faa aɖo to’ nufiafia siwo tso Mawu ƒe Nya la mee?—Rom. 6:17.
2. Nukata wòle vevie be míakpe ɖe amewo ŋu woatu xɔse sẽŋu ɖo?
2 To Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woatu Xɔse Kple Lɔlɔ̃ Ðo Dzi: Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ƒomedodo kplikplikpli aɖe le toɖoɖo kple xɔse dome. Apostolo Paulo ƒo nu tso ‘Mawu mavɔmavɔtɔ la ƒe sedede si ana amewo naɖo to tso xɔse me’ ŋu. (Rom. 16:26) Hebritɔwo ta 11 lia ƒo nu tso amesiwo ɖe xɔse fia ƒe kpɔɖeŋu gbogbo aɖewo ŋu, eye akpa gãtɔ ku ɖe woƒe nuwɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu si wòɖe fia ŋu. (Heb. 11:7, 8, 17) Le go bubu me la, tomaɖomaɖo ya nye nusi do ƒome kple xɔsemanɔamesi. (Yoh. 3:36; Heb. 3:18, 19) Ehiã be míabi ɖe Mawu ƒe Nya la zazã nyuie me ale be míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be xɔse si asu wo si la naʋã wo be woaɖo to.—Tim. II, 2:15; Yak. 2:14, 17.
3. (a) Aleke toɖoɖo do ƒome kple lɔlɔ̃e? (b) Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woalɔ̃ Yehowae?
3 Ðekawɔwɔ aɖe hã le toɖoɖo kple lɔlɔ̃ na Mawu dome. (Mose V, 5:10; 11:1, 22; 30:16) Yohanes I, 5:3 gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.’ Aleke míakpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woaɖo lɔlɔ̃ na Yehowae? Di mɔnukpɔkpɔwo le nusrɔ̃ɣiwo be nàtu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu ɖo ɖe nusrɔ̃via ƒe dzi me. Ðe seselelãme deto si le wò ŋutɔ mewò na Mawu la fia. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòanɔ alesi woa kple Yehowa dome ƒomedodoa nanɔ kplikplikplii ŋu bum. Vevietɔ la, lɔlɔ̃ na Yehowa ye aʋã amewo—kple mía ŋutɔwo hã—be míatso dzi me faa aɖo toe.—Mat. 22:37.
4. (a) Nukata míaƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le vevie? (b) Nukae wòle be míawɔ be ‘dzi si ɖoa to’ nasu mía si?
4 To Kpɔɖeŋu Ðoɖo Ði Dzi: Mɔ nyuitɔ si dzi míato ade dzi ƒo na amewo be woaɖo to nyanyuia ye nye to mía ŋutɔwo ƒe kpɔɖeŋu ɖoɖo dzi. Gake ehiã agbagbadzedze ɣesiaɣi hafi ‘dzi si ɖoa to’ nasu mía si. (Fia. I, 3:9; Lod. 4:23) Nukae esia bia tso mía si? Nyi wò dzi kple gbɔgbɔmenuwo to Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kple to kpekpewo dede dzi. (Ps. 1:1, 2; Heb. 10:24, 25) De ha kple amesiwo ƒe dzi ku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. (Lod. 13:20) De gbeadzi edziedzi kple didi vevie be yeakpe ɖe amesiwo le wò anyigbamama me ŋu. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be dzi si ɖoa to nàsu asiwò. (Ps. 86:11) Ƒo asa na nusiwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wò dzi dzi, siwo ƒe ɖewoe nye modzakaɖeɖe si me agbegbegblẽnɔnɔ alo ŋutasesẽ bɔ ɖo. Ti nusiwo ana nàte ɖe Mawu ŋu kplikplikpli eye wòana mia kplii dome ƒomedodo nàsẽ ɖe edzi la yome.—Yak. 4:7, 8.
5. Aleke wole amesiwo ɖoa to la yramee?
5 Yehowa ka ɖe edzi na eƒe ame siwo nɔ anyi le blema be ne woɖo to yeƒe gbe la, ekema yeayra wo. (Mose V, 28:1, 2) Nenema kee Yehowa le “amesiwo ɖoa toe” abe Dziɖula ene la yram ŋutɔ egbea. (Dɔw. 5:32;) Eyata mina míakpe ɖe amewo ŋu be woaɖo to tso dzi me faa to nufiafia wo kple míaƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ɖi me.