INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/05 axa 8
  • Viɖe Siwo Dona Tsoa Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Viɖe Siwo Dona Tsoa Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Tsɔ Didi Vevie Ðe Gbeƒã Nyanyui lae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Aleke Nàwɔ Ado Dzi Le Subɔsubɔdɔa Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Hiahiã Kpata ƒe Susu Nenɔ Asiwò!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 11/05 axa 8

Viɖe Siwo Dona Tsoa Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Me

1. Aleke Yehowa bua míaƒe gbeƒãɖeɖedɔae, gake aleke amewo wɔa nu ɖe eŋui?

1 Mawu ƒe Nya la ɖɔ Kristotɔwo be wonye amesiwo le azɔli dzi aʋadziɖuɖutɔe le Yehowa subɔsubɔ me, abe aʋadziɖula siwo le gbɔ lɔm dzidzɔtɔe ene. (Kor. II, 2:14-16) Esi míele gbeƒã ɖem Mawu ŋuti sidzedze ta la, míaƒe nuyiwo ƒe vɔsawo le na Yehowa abe vɔsa si ʋẽna lilili ene. Nyanyuia hea ame aɖewo le esi esese vivia wo nu ta; ame bubuwo ya gbenɛ. Gake ne ame akpa gãtɔ gbe toɖoɖo nyanyuia hã la, mefia be míaƒe dɔa mekpɔ dzidzedze o. Wò ya bu viɖe siwo dona tsoa míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu kpɔ.

2. Nukae míeɖena fiana to gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me?

2 Edoa Yehowa Ðe Dzi: Satana gblɔ be ɖokuitɔdidi tae amegbetɔwo subɔa Yehowa ɖo. (Hiob 1:9-11) Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be adzɔgbe si míeɖe na Mawu la tso dzi blibo me. Gbeƒãɖela geɖe yia edzi wɔna ɖe sedede si nye be míaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo la dzi, togbɔ be wotoa nɔnɔme sesẽwo me alo be amewo metsɔa ɖeke le nya la me o hã. Dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe alea doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!—Lod. 27:11.

3. Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míayi edzi ana amewo nanya nu tso Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖo ŋu?

3 Gakpe ɖe eŋu la, míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔa akpa aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me. Yehowa gblɔ le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Satana ƒe xexea dzi ŋu be: ‘Dukɔwo adze sii be, nyee nye Yehowa.’ (Xez. 39:7) Be dukɔwo nadze sii la, ele vevie ŋutɔ be Mawu subɔlawo nayi edzi aɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖo na “trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.”—Nyaɖ. 14:6, 7.

4. Aleke gbeƒãɖeɖedɔa nye nusi dzi woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewoe?

4 Enye Nusi Dzi Woanɔ Te Ðo Adrɔ̃ Ʋɔnu: Azɔ hã gbeƒãɖeɖe nyanyuia nye nusi dzi woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo. Apostolo Paulo gblɔ be Kristo Yesu abia hlɔ̃ “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.” (Tes. II, 1:8, 9) Woanɔ te ɖe alesi amewo wɔ nu ɖe nyanyuia ŋu dzi adrɔ̃ ʋɔnu wo. Agbanɔamedzi gã ka gbegbee nye si wònye na Mawu subɔlawo! Be míagaɖi ʋufɔ o la, ele be míayi edzi agblɔ Fiaɖuƒegbedasi si xɔa ame ɖe agbe la.—Dɔw. 20:26, 27.

5. Aleke míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖea Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ fianae?

5 Agbagba siwo míeyia edzi dzena be míakpe ɖe mía haviwo ŋu be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la ɖea Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fiana. (Tim. I, 2:3, 4) Esi míenya be amewo ƒe nɔnɔme trɔna ɣesiaɣi ta la, míeyia wo gbɔ edziedzi hexlɔ̃a nu wo be woadi Yehowa esime ɣeyiɣi gali. To esia wɔwɔ me la, míeɖea “míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ” fiaa amewo, le esi “melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ” ta.—Luka 1:78; Pet. II, 3:9.

6. Aleke Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ moveviɖoɖotɔe ɖea vi na mía ŋutɔwoe?

6 Eɖea Vi na Mía Ŋutɔwo Hã: Yehowa subɔsubɔ moveviɖoɖotɔe nye takpɔkpɔ na mía ŋutɔwo. Ekpena ɖe mía ŋu be “[míadi] Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie” ahakpɔ egbɔ hã be fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nagaƒo ɖi mí o. (Pet. II, 3:11-14; Tito 2:11, 12) Eyata mina be ‘míanɔ te sesĩe maʋãmaʋã, eye míagba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔa me’ esi míenya be míaƒe agbagbadzedze le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me menye dzodzro o ta.—Kor. I, 15:58.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe