Na Woakpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Nɔnɔme Nyoameŋuwo Ŋu
1 Le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, menye gɔmedzenufiafia siwo ku ɖe Biblia me nyateƒea ŋu koe míefiana o. Míekpena ɖe amewo ŋu be woakpɔe be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ, eye be woatu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe eƒe nɔnɔme siwo ɖeke mesɔ kpli o ŋu. Ne dzianukwaretɔwo srɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi vevie, eye wòʋãa wo be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me ‘bene woazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã.’—Kol. 1:9, 10; 3:9, 10.
2 Míaƒe Nusrɔ̃gbalẽ Yeyea: Wohe susu yi Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo dzi le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe gɔmedzedze ke. Ta gbãtɔa ɖo nyabiase siawo ŋu: Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na wò vavã?, Aleke Mawu le?, kple Ðe wòanya wɔ be nàte ɖe Mawu ŋua? Ta ma ke te gbe ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye (mm. 10), eƒe dzɔdzɔenyenye kple ɖetsɔlemename (mm. 11), eƒe lɔlɔ̃ (mm. 13), eƒe ŋusẽ (mm. 16), kple eƒe nublanuikpɔkpɔ, amenuveve, tsɔtsɔke, dzigbɔɖi, kple nuteƒewɔwɔ (mm. 19) dzi. Memama 20 lia to nyawo katã ɖe eme ale: “Zi alesi nèyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋui la, zi nenemae nàkpɔe be enye amesi li ŋutɔŋutɔ eye àkpɔ susu geɖe siwo ta wòle be nàlɔ̃ eyama ahate ɖe eŋu kplikplikpli ɖo.”
3 Aleke míate ŋu azã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu? Ne míedzro memama aɖe si ƒo nu tso Mawu ƒe nɔnɔmewo dometɔ aɖe ŋu me vɔ la, míate ŋu abia nusrɔ̃via be, “Nukae nusia ɖe fia wò le amesi tɔgbe Yehowa nye ŋu?” alo “Aleke esia ɖe alesi Mawu tsɔa ɖe le eme na wò ŋutɔe fia?” Ne míezãa nyabiase siawo tɔgbe enuenu le nu sɔsrɔ̃ kple nusrɔ̃viawo me la, míanɔ wo fiam be woade ŋugble le nusi srɔ̃m wole ŋu eye míanɔ kpekpem ɖe wo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ŋu.
4 Zã Numetotoɖaka La: Le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, na nusrɔ̃via naƒo nu tso nya siwo le aɖaka si nye “Nusi Biblia Fia” me la dometɔ ɖesiaɖe ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me. He eƒe susu yi mawunyakpukpui siwo dze le aɖakaa me dzi. Be nànya nusi le eƒe dzi me la, àte ŋu abiae ɣeaɖewoɣi be, “Aleke nèse le ɖokuiwò me le nusi Biblia fia le nya sia ŋu la ŋuti?” To esia wɔwɔ me la, menye ta bliboa me nya veviawo dzi koe nàte gbe ɖo o, ke ànya nusiwo dzi nusrɔ̃via xɔ se ŋutɔŋutɔ hã. Esia akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòadze woa kple Yehowa dome ƒomedodo tutu ɖo gɔme.