Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe Agbalẽa me Ðɔɖɔɖowo
Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe agbalẽa si wota le Eʋegbe me le ƒe 1991 me la me ɖɔɖɔɖo vevi aɖewo siwo wowɔ fifiae nye esiwo gbɔna. Menye tɔtrɔ ɖesiaɖee dze le afisia o. Le kpɔɖeŋu me, nya aɖewo siwo wogbugbɔ gblɔ be gɔmesesea nanɔ bɔbɔe, kple akɔntabubu yeyewo, siwo miate ŋu akpɔ le míaƒe Ƒegbalẽ yeyetɔ me, la mekpe ɖe tɔtrɔ siwo dze le afisia ŋu o.
TA 2
Axa 13, mm. 20, akpa evelia, te fli ɖe “Le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwo wɔwɔ le agbɔsɔsɔ me ƒe azã sia me la,” me nàŋlɔ: Le míaƒe mɔ̃ɖaŋununya ƒe ɣeyiɣi sia me la
TA 4
Axa 19, mm. 4, te fli ɖe mawunyakpukpui mamlɛtɔ sia me: Mateo 25:31-33
TA 5
Axa 24, mm. 3, tsɔ nya sia ɖɔ li etenuŋɔŋlɔa: * Hena numeɖeɖe tsitotsito la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe axa 88-92, 215-18.
TA 6
Axa 30, mm. 11, te fli ɖe “Petro II, 3:1-3” me nàŋlɔ: Petro II, 2:1-3
Axa 30, mm.12, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 11 lia vaseɖe 15 lia: Mlɔeba la, Roma-fia Konstantino na dziɖuɖua da megbe na “Kristotɔwo” ƒe subɔsubɔha, eye aleae wòdzɔe be wòva zu Kristodukɔa, si na Sɔlemeha la kple Dukɔa wɔ ɖeka heɖu dzi ƒe akpe geɖe. Enɔ bɔbɔe be woazu “Kristotɔ” le mɔ yeye sia nu.
Axa 32, aɖaka, fli 4 lia kple 5 lia, te fli ɖe “dze egɔme tso Yesu ƒe ‘anyi nɔnɔ ɖe eƒe ŋutikɔkɔezikpui dzi’ le dziƒo” me nàŋlɔ: dze egɔme tso Yesu ɖoɖo zi dzi le dziƒo
Axa 32, aɖaka, fli 7 lia, te fli ɖe mawunyakpukpuia ƒe akpa sia me: 25:31-33
TA 8
Axa 40, mm. 8, fli 9 lia, te fli ɖe “vodada 125” me nàŋlɔ: vodada 130
Axa 40, mm. 10, nyagbe mamlɛtɔ, te fli ɖe “nyametsotso 23” me nàŋlɔ: nyametsotso 50.
TA 10
Axa 50, mm. 11, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li etenuŋɔŋlɔa: * Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati si nye “Nyɔnu Kristotɔ Wɔnuteƒewo—Mawu Subɔla Siwo Ŋu Asixɔxɔ Le” si dze le November 1, 2003, ƒe Gbetakpɔxɔ me.
TA 11
Axa 56, mm. 9, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 10 lia vaseɖe 13 lia: Le esia gome la, Gbetakpɔxɔ magazine la na tutuɖo to nyatiwo abe “Miyi Edzi Mianɔ Amesi Ƒomeviwo Mienye La Dom Kpɔ” kple “Míegale Agbe Na Mía Ðokui O” ene dzi.
Axa 56, mm. 9, tsɔ nya siawo ɖɔ li etenuŋɔŋlɔa: * Kpɔ July 15, 2005, kple March 15, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ.
TA 12
Axa 61, mm. 14, tsɔ nya siawo ɖɔ li etenuŋɔŋlɔ evelia, tso fli 4 lia vaseɖe eƒe nuwuwu: kpɔ nyati siwo nye “Amesiame Neɖe Gbeƒã Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe” kple “Woƒe Numegbe Ði Hoo Le Anyigba Blibo la Katã Dzi,” siwo le January 1, 2004, ƒe Gbetakpɔxɔ me. Le June 1, 2004 ƒe tata me la, wote gbe ɖe “ʋɔtru, si le nuvo” nu toto age ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ me la dzi le nyati si nye “Yayratɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ŋutikɔkɔe Na Mawu” la me. Mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 1,093,552 sɔŋ ye wɔ subɔsubɔdɔ ma le ƒe 2005 ƒe ɣleti aɖe me.
TA 13
Axa 69, mm. 11, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 17 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu: anye Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣia ƒe nuwuwu, eye be nudzɔdzɔ vevi aɖewo adzɔ le anyigba dzi akplɔe ɖo.—Nyaɖeɖefia 1:10.
Axa 71, mm. 14, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli gbãtɔ vaseɖe fli 5 lia: Vaseɖe egbea la, Yohanes habɔbɔa fiaa mɔ le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo tata me; le ƒe 2006 me la, magazine evea ƒe tata wu miliɔn 59 ɣleti sia ɣleti. Gbetakpɔxɔ la le gbegbɔgblɔ siwo wu 150 me.
Axa 73, mm. 23, fli 12 lia, te fli ɖe mawunyakpukpui sia me: Mateo 25:31
TA 16
Axa 90, mm. 4, tsɔ nya siawo ɖɔ li etenuŋɔŋlɔ si le akpa evelia: * Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe axa 215-18 hena kpeɖodzi tsitotsito be Yesu va eƒe Fiaɖuƒea me le ƒe 1914 me.
Axa 91, mm. 6, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 4 lia vaseɖe fli 9 lia: Yesu ƒe aʋadziɖuɖu ƒe sɔdodoa yi edzi le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzeƒeawo me esime wole amegbetɔ siwo ɖi alẽwo nu ƒom ƒu. Togbɔ be xexeme bliboa katã
Axa 91, mm. 6, te fli ɖe mawunyakpukpui sia me, le memamaa ƒe nuwuwu: Mateo 25:31-33
Axa 92, mm. 9, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 9 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu:—abe Germania, Italia, kple Japan ene, eye ne woƒo Ðasefowo siwo le teƒe mawo fifia nu ƒu la, wosɔ gbɔ wu 600,000 sɔŋ.—Yesaya 54:17; Yeremya 1:17-19.
Axa 94, mm. 18, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 4 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu: Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo le nu ƒom tso nukliaʋa aɖe si ate ŋu adzɔ ŋu—wole gbɔgblɔm kura gɔ̃ hã be enye aʋa si dukɔwo aɖo koŋ awɔ! Gake dzidzɔtɔe la, susu bubuwo le sɔ ɣi Dola aʋadziɖula la si ku ɖe esia ŋu.
Axa 97, mm. 28, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 14 lia vaseɖe fli 3 lia le akpa evelia: tsɔ AIDS ƒe dɔvɔ̃ la kpe ɖe ‘dɔvɔ̃ wuame’ la ŋu. Le ƒe 2000 me la, woka nya ta be Amerikatɔwo ƒe amekoko ŋuti dɔdzikpɔlagã gblɔ tso AIDS ŋu be “ɖewohĩ eyae nye dɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake si va xexeame kpɔ.” Egblɔ be ame miliɔn 52 ye xɔ HIV/AIDS le xexeame godoo, eye be wo dometɔ miliɔn 20 ku. Aleke Yehowa ƒe amewo da akpe enye
TA 18
Axa 106, mm. 7, tsɔ nya siawo ɖɔ li memama bliboa: Xexemeʋa II he tɔtrɔ gã bubuwo vɛ. Eye aʋawɔwɔ sue bubuwo kpakple nuvlowɔlawo ƒe amedzidzedze le xexeame godoo yi edzi le anyigba la ʋuʋum. Ame geɖe tsi dzodzodzoe le esi vɔvɔ̃ li be nuvlowɔlawo alo dukɔwo ate ŋu azã aʋawɔnu siwo tsrɔ̃a ame gbogbowo ta.
Axa 106, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li biabia 7-9 ƒe (b): Nɔnɔme kae tɔtrɔ siwo le amegbetɔwo dome vam le Yesu ƒe anyinɔɣia me la ahe vɛ mlɔeba le ameƒomea dome?
Axa 107, mm. 9, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 8 lia vaseɖe 9 lia: Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu, si ƒe akpa aɖee nye be “vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo,
Axa 107, mm. 11, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 10 lia kple 11 lia: Xexeame katã ƒe nuxlɔ̃ame sia na amewo va nya Satana ƒe xexemenuɖoanyia.* Esi nuxɔxlɔ̃a le
Axa 109, mm. 17, tso fli 8 lia dzi, te fli ɖe nya siwo gbɔna me: Enye dzɔgbevɔ̃e ƒe nɔnɔme si Yesu gblɔ ɖi do ŋgɔ le Mateo 24:29 la ƒe nuwuwu.
TA 20
Axa 123, mm. 11, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 2 lia vaseɖe 8 lia: Esime míenɔ agbalẽ sia tam la, wonɔ MEPS ƒomevi vovovowo zãm le teƒe siwo wu 125 le anyigba katã dzi, eye esia na kpekpeɖeŋu be wote ŋu le Gbetakpɔxɔ si nye magazine si wotana kwasiɖa eve ɖesiaɖe la tam ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me le ɣeyiɣi ɖeka me
Axa 128, mm. 30, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 5 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu: siwo nu wotre la ƒe ame susɔe siwo ɖewohĩ woakpɔtɔ anɔ ŋutilã me, kple alẽ bubuwo ƒe ameha gã aɖe si “anɔ tsitre,” si fia be woatsi agbe kpli wo, la le.—Yeremya 35:19; Korintotɔwo I, 16:13.
TA 22
Axa 143, tsɔ nya siawo ɖɔ li tanya suea: Ʋetsuviwo ƒe Fuwɔame la Egbea
Axa 146, mm. 16, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli gbãtɔ vaseɖe fli 8 lia: Esime Yehowa Ðasefowo le woƒe Fiaɖuƒedɔa wɔm la, wotoa nuƒoƒo kple agbalẽwo dzi gblɔa nya sẽŋu siwo tso Mawu ƒe Nya la me. Ti si ɖi dziɖegbe tɔ la le woƒe gbedasia me, elabena woxlɔ̃a nu tso Yehowa
Axa 146, mm. 17, tsɔ nya siawo ɖɔ li etenuŋɔŋlɔa: * Wotrɔ ŋkɔ na magazine sia be Consolation (Akɔfafa) le ƒe 1937 me kple Awake! (Nyɔ!) le ƒe 1946 me.
Axa 147, mm. 19, fli 7 lia, te fli ɖe “Luka 21:24-26” me
TA 24
Axa 160, mm. 21, fli 12 lia, te fli ɖe “na amesiwo ɖi gbɔ̃wo” me nàŋlɔ: na woƒe tsitretsiɖeŋulawo ya
Axa 160, mm. 21 lia ƒe nuwuwu, te fli ɖe “Mateo 25:31-34, 41, 46” me nàŋlɔ: Filipitɔwo 1:27, 28
Axa 160, tsɔ nya siawo ɖɔ li biabia 21 ƒe (b): Nukatae nya nyui la nye nya vɔ̃ na amesiwo nye tsitretsiɖeŋulawo ya?
TA 25
Axa 162, mm. 4, tsɔ nya siawo ɖɔ li etenuŋɔŋlɔa: * Kpɔ nyati si nye “Yehowa ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔ Gã La” si le July 1, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ me, kple “Gbedoxɔ Vavã Ðeka si me Woade Ta Agu Le” si le December 1, 1972 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me la hena gbɔgbɔ me gbedoxɔ gã sia ŋuti numedzodzro blibo.
Axa 162, mm. 5, fli 7 lia, te fli ɖe nya siawo me: si me nublanuikpɔkpɔ le
Axa 162, mm. 7, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 11 lia kple 12 lia: afisia la ku ɖe ɣleti 42 ŋutɔŋutɔ, si dze egɔme tso ƒe 1914 ƒe December me vaseɖe ƒe 1918 ƒe June me ŋu,
Axa 164, mm. 12, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 2 lia vaseɖe fli 5 lia:—esiwo dze egɔme tso ƒe 1914 ƒe December me heyi edzi vaseɖe ƒe 1918 ƒe June me. (Nyaɖeɖefia 1:10)
Axa 165, nya siwo le nɔnɔmetataa te, ƒe fli 4 lia, te fli ɖe “Eva hiã be woakeke agbalẽtaƒewo,” me nàŋlɔ: Eva hiã be woakeke dɔwɔƒewo,
Axa 165, mm. 15, fli 9 lia, te fli ɖe mawunyakpukpuia ƒe akpa sia me “25:31”
TA 26
Axa 176, mm. 17, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 7 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu: Esia dze le nya sia me be le ƒe 20 siwo nye tso ƒe 1986 vaseɖe ƒe 2005 me la, gaƒoƒo siwo wozã le woƒe subɔsubɔdɔa me la dzi ɖe edzi teƒe eve kloe—tso 680,837,042 va ɖo 1,278,235,504. Le nyateƒe me la, wole “Mawu ƒe nya ɣaɣla la” gblɔm “le nyanyui” la nu wòɖo “xexeme ƒe seƒewo ke.”—Nyaɖeɖefia 10:7; Romatɔwo 10:18.
TA 27
Axa 185, aɖakaa, tsɔ nya siawo ɖɔ li eƒe memama 6 lia: Le Spania la, woge ɖe aƒewo me akpasesẽtɔe eye wodo fe na Kristotɔwo hede wo gaxɔ me le nuƒoƒo tso Mawu ŋu kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔwɔ ƒe “nuvɔ̃” la ta. Yometiti sia wu enu mlɔeba le ƒe 1970 me esime dziɖuɖua ƒe nu wɔwɔ ɖe subɔsubɔha siwo menye Katolikotɔwo o ŋu va trɔ, si na woda asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu.
Axa 185, mm. 28, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 2 lia vaseɖe 4 lia: Le Europa la, wolé Ðasefo siwo ade 12,000 de Nazi-fuwɔamesaɖawo kple fuwɔamegaxɔwo me, eye wo dometɔ abe 2,000 ene ku.
TA 28
Axa 187, mm. 4, tsɔ nya siawo ɖɔ li etenuŋɔŋlɔa: * Taflatse kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 165-79 hena numeɖeɖe bubuwo.
Axa 192, mm. 22, fli 18 lia, te fli ɖe “ƒe 1918 ƒe May me” me nàŋlɔ: ƒe 1918 ƒe June me
TA 29
Axa 202, mm. 14, fli 2 lia vaseɖe fli 3 lia, te fli ɖe “Mawu xɔ wo abe eƒe gbɔgbɔ me viwo ene,” me nàŋlɔ: Mawu xɔ wo abe viawo ene,
TA 30
Axa 209, mm. 10, fli gbãtɔ, te fli ɖe “Le ƒe 1870 ƒe ƒeawo me la,” me nàŋlɔ: Kaka ƒe 1870 ƒe ƒeawo naɖo la,
Axa 209, tsɔ nya siawo ɖɔ li biabia 10 lia: Kaka ƒe 1870 ƒe ƒeawo naɖo la, nukae dzɔ, eye aleke Babilon Gã la wɔ nu ɖe esia ŋue?
Axa 212, mm. 23, fli 9 lia, te fli ɖe mawunyakpukpui sia me: Mateo 25:31-33;
TA 32
Axa 231, mm. 27, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 9 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu: Ne wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li’ la, tete tsɔtsrɔ̃ kpata ava lili wo kpoyi.” Satana ye le megbe na “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” ƒe alakpanya siawo dometɔ ɖesiaɖe.—Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3, NW.
TA 33
Axa 243, mm. 21, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 20 lia vaseɖe fli 22 lia: Enye nusi ɖe dzesi be papa la mehe susu yi Yesu Kristo alo Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi boo le eƒe nuƒoa me o.
Axa 245, mm. 25, akpa evelia, fli 5 lia kple 6 lia, ɖɔ li “(Nyaɖeɖefia 14:8; 17:2)” kple: (Nyaɖeɖefia 14:8; 17:4)
TA 34
Axa 246, mm. 1, fli 15 lia kple 16 lia, te fli ɖe “le ƒe alafa 20 lia me” me nàŋlɔ: le míaƒe ŋkekea me
Axa 250, mm. 12, etenuŋɔŋlɔa, te fli ɖe “ƒe 1981 tɔ” me nàŋlɔ: ƒe 1993 tɔ
Axa 251, mm. 14, tsɔ nya siawo ɖɔ li memama bliboa: Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, dunyahelawo le nyagbɔgblɔ “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” zãm tsɔ le nu ƒom tso ɖoɖo vovovo siwo wɔm amegbetɔwo le ŋu. Ðe agbagba siawo, siwo dzem xexeame kplɔlawo le la nye nya siwo le Tesalonikatɔwo I, 5:3 me vava ƒe gɔmedzedzea? Alo nudzɔdzɔ tɔxɛ ɖeka aɖe si awɔ nuku ale gbegbe be ahe xexea me nɔlawo katã ƒe susu ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoea? Esi wònye zi geɖe la, Biblia me nyagblɔɖiwo vana eme, alo nɔa eme vam, hafi wo me va kɔna keŋkeŋ ta la, ahiã be míalala akpɔ alesi nuwo ava yii ɖa. Ke hã, Kristotɔwo nyae be nusi dukɔwo ate ŋu awɔ wòadze abe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ene la mate ŋu atrɔ naneke ŋutɔŋutɔ o. Ðokuitɔdidi, fuléle, nuvlowɔwɔ, ƒomewo ƒe gbagbã, agbegbegblẽnɔnɔ, dɔléle, vevesese, kple ku aganɔ anyi kokoko. Ema tae ne èle ŋudzɔ ɖe nusi xexea me nudzɔdzɔwo fia la ŋu eye nèɖoa to nyagblɔɖi me nuxlɔ̃ame siwo le Mawu ƒe Nya la me la, mehiã be “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe ɣli aɖeke naflu wò o.—Marko 13:32-37; Luka 21:34-36.
TA 36
Axa 259, mm. 4, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 16 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu, nàte fli ɖe mawunyakpukpui mamlɛa hã me: Le ƒe 1914 me la, Yesu va zu Fia le dziƒo, eye tso ɣemaɣi la, ele eƒe dziɖuŋusẽ zãm ɖe anyigba la dzi abe Dziɖula kple Ʋɔnudrɔ̃la ene kpe ɖe Yehowa ŋu. Eyata esɔ be eya naɖe gbeƒã Babilon Gã la ƒe anyidzedze.
Axa 260, mm. 9, fli 6 lia vaseɖe 9 lia, te fli ɖe nya siawo me: Kɔmiunistɔwo ƒe Tɔtrɔ Kpata la yi edzi le Russiatɔwo ƒe Orthodoks Sɔlemeha la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu tsim le Russia.
Axa 265, mm. 22, te fli ɖe mawunyakpukpui mamlɛtɔ sia me:—Tsɔe sɔ kple Mateo 24:15, 16.
TA 38
Axa 277, mm. 17, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 10 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu: (Nyaɖeɖefia 19:11–20:3) Ne amesiamina aɖewo tsi agbe le anyigba dzi la, ɖikeke mele eme o be woayi aɖaxɔ woƒe dziƒofetu la ne Kristo nya wu eƒe aʋadziɖuɖua nu teti ko, ale be woawɔ ɖeka kple wo hati siwo nye ŋugbetɔ la ƒe ha la me tɔwo. Ekema le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, woawɔ Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la!
Axa 277, mm. 18, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli gbãtɔ vaseɖe akpa evelia ƒe fli 4 lia: Nyagblɔɖi me nuŋlɔɖi si le Psalmo 45 me la gblɔ ɖoɖo si nu nuwo adzɔ le. Gbã la, Fia si woɖo zi dzi la do sɔ yi eƒe futɔwo dzi ɖu ge. (Kpukpui 2-8)
TA 39
Axa 281, mm. 10, akpa evelia, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 14 lia vaseɖe fli 18 lia: Hekpe ɖe eŋu la, “dɔlawo katã” anɔ Yesu ŋu ne ebɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi eye wòdze ʋɔnu dɔdrɔ̃ anyigbadzitɔwo kple dukɔwo gɔme. (Mateo 25:31, 32)
TA 41
Axa 296, mm. 5, tsɔ nya siawo ɖɔ li 4 lia vaseɖe fli 7 lia: elabena wodrɔ̃ ʋɔnu wo hetre wo nu xoxo. Ne amesiaminawo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ le agbe le anyigba dzi le Harmagedon-ʋa megbe la, woaku le ema megbe kpuie ahaxɔ woƒe dziƒofetu la to tsitretsitsi dzi.
TA 43
Axa 311, mm. 19, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli 6 lia vaseɖe memamaa ƒe nuwuwu: (Nyaɖeɖefia 11:15; 12:10) Le nuwuɣi sia me la, gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le dzianukwaretɔwo kpem be woava xɔ agbetsi la ano faa. Amesiawo akpɔ tɔsisi sia me tsia anɔ nonom vaseɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu, eye le ema megbe la, woayi edzi anoe le xexe yeyea me, ne Yerusalem Yeyea ‘ɖi tso dziƒo tso Mawu gbɔ.’—Nyaɖeɖefia 21:2.
Axa 312, mm. 26, tsɔ nya siawo ɖɔ li fli gbãtɔ vaseɖe fli 7 lia: Ame 144,000 siwo nye Alẽvi la ƒe ŋugbetɔ la me tɔwo hã ate ŋu anye ati mawo siwo tɔsisia dea tsii nyuie la ƒe akpa aɖe. Le woƒe anyigbadzinɔɣi la, amesiawo hã noa Mawu ƒe mɔnuɖoɖo hena agbekpɔkpɔ si to Yesu Kristo dzi ƒe tsi la. Enyo be míade dzesii be woyɔ Yesu nɔvi siawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la be “dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo.” (Yesaya 61:1-3; Nyaɖeɖefia 21:6)