INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/07 axa 5
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afi Si Wokpɔa Ga Le Na Fiaɖuƒea Ƒe Dɔwo Wɔwɔ
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Afi Kae Míekpɔa Ga Le Na Míaƒe Xexea Me Katã Ƒe Dɔa Wɔwɔ?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Afi Kae Míekpɔa Ga Le Na Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • “Ame Si Naa Nu Kple Dzidzɔ Lae Mawu Lɔ̃na”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 1/07 axa 5

Nyabiaɖaka

◼ Ðe wòasɔ be woawɔ ɖoɖo ɖe gadimɔnu aɖe ŋu si ana woakpɔ ga atsɔ ado alɔ hamea?

Subɔsubɔha aɖewo te ŋu wɔa ɖoɖo ɖe gadimɔnu vovovo ŋu, abe nuŋeŋezãwo ɖuɖu kple nuwo dzadzra ene. Wote ŋu xɔa dɔ aɖe si hameviwo wɔna be woakpɔ ga, eye ɖewo hã ŋlɔa lɛtawo alo tsɔa lɛtakotokuwo tsana tsɔ nɔa gakpekpeɖeŋu biam. Ame aɖewo asusui be esiawo nye mɔnu nyui siwo dzi woato akpɔ ga atsɔ ado alɔ ha lae, gake nyateƒenya lae nye be, gabiabia nuwɔnawoe nu siawo katã nye. Míawo míexɔa gakpekpeɖeŋu to mɔ mawo nu o.

Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata evelia, si nye August 1879 tɔ, gblɔ susu si tae míesrɔ̃a sɔlemehawo ƒe gakpekpeɖeŋu biabia o be: “Míexɔe se be YEHOWAE le megbe na ‘Zion’s Watch Tower’ la, eye esi wòle alea ta la, míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o. Ne Eya ame si gblɔ be: ‘Tɔnyee sika kple klosalo siwo katã le towo dzi nye’ la do kpo ga si míehiã la tsɔtsɔ na mí la, ke míase egɔme be ɣeyiɣia de be míatɔ te agbalẽawo tata hena ɣeyiɣi aɖe.”

Míayi edzi awɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosea dzi be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Kor. II, 9:7) Wodaa nudzɔɖakawo ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo me ale be amewo nate ŋu adzɔ nu faa tso dzime, ne wolɔ̃. (Fia. II, 12:10) Míezia amewo dzi alo ɖea kuku na amewo be woadzɔ nu o; eye menye ɖe míedzɔa nu kple susu be míaxɔ nane ɖe eteƒe hã o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe