Wotsɔ Kesinɔnu Aɖe De Mía Si
1 Apostolo Paulo de asixɔxɔ dɔ si Mawu de asi nɛ be wòaɖe gbeƒã la ŋu, eye wòyɔe be “kesinɔnu.” (Kor. II, 4:7) Edo dzi le xaxawo kple yometitiwo me le dɔ sia wɔwɔ me. Eɖe gbeƒã kutrikukutɔe na ame sia ame si wòkpɔ. Ezɔ mɔ to anyigba kple ƒu dzi le teƒe geɖe siwo afɔku nɔ. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ahaɖee afia be míebua míaƒe subɔsubɔdɔa nu xɔasii? (Rom. 11:13) Nu kae na míaƒe subɔsubɔdɔa nye kesinɔnu si ɖeke mesɔ kple o?
2 Kesinɔnu Gãtɔ Kekeake: Zi geɖe la, dzigbagbã geɖe ye anyigba dzi kesinɔnuwo yometiti hena vanɛ na ame, eye viɖe siwo le eme la menɔa anyi didina o. Gake vi siwo míaƒe subɔsubɔdɔa ɖena na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ya nɔa anyi ɖaa. (Tim. I, 4:16) Ekpena ɖe dzinyuitɔwo ŋu wova nyaa Yehowa, hewɔa tɔtrɔ siwo hiã le woƒe agbe me, eye ale agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ vavã va sua wo si. (Rom. 10:13-15) Ne míebua míaƒe subɔsubɔdɔa nu vevii la, ewɔnɛ be tameɖoɖo va nɔa míaƒe agbe ŋu, si naa míaƒe dzi dzea eme, míesena le mía ɖokui me be míele dɔ vevi aɖe wɔm, eye mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe va nɔa mía si ɖe etsɔme ŋu.—Kor. I, 15:58.
3 Ðee Fia be Èbua Wò Kesinɔnua Nu Vevii: Zi geɖe la, asixɔxɔ si míedea nane ŋu la dzena le nu si gbegbe míetsɔ nana ɖe eta be wòasu mía si la me. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí, be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ anɔ Yehowa kafum! (Ef. 5:16, 17) Ele be ale si míezãa míaƒe ɣeyiɣiwoe la naɖee afia be míedea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu wu ŋutilãmenuwo. Esi wònye be nya vevi aɖee le mía si na amewo ta la, míadi be míaɖe gbeƒã kple dzonɔameme, eye míanɔ ŋudzɔ be míagblɔ nyanyuia le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi na mí me.
4 Zi geɖe la, wometsɔa kesinɔnu veviwo ɣlana o, ke boŋ woɖenɛ fiana amewo be woakpɔ wo. Ne míebua míaƒe subɔsubɔdɔa nu xɔasii la, míafe kplii kura le agbe me o. (Mat. 5:14-16) Esi wònye míekpɔa ŋudzedze ɖe kesinɔnu sia ŋu bliboe ta la, mina míasrɔ̃ apostolo Paulo ɣeawokatãɣi, eye míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋudɔ aɖee afia be míedea asixɔxɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu nyateƒe, eye míebunɛ kesinɔnui.