Nyabiaɖaka
◼ Afɔku kawoe le hadede kple ame siwo míenya o le Internet dzi me?
Wotrɔ asi le Internet dzi nyatakakadiƒe geɖe ŋu be amewo nate ŋu aƒo nu kple wo nɔeawo alo aɖo nyatakakawo ɖe wo nɔewo. Ame ɖekaɖekawo ate ŋu atsɔ woawo ŋutɔwo ŋuti nyatakakawo, siwo dometɔ aɖewoe nye woƒe fotowo kple wo ŋu nya bubuwo, ade nyatakakadiƒe siawo dometɔ akpa gbãtɔ me. Ame siwo ke ɖe nyatakaka siawo ŋu la ate ŋu aŋlɔ nu aɖo ɖe wo. Sɔhɛwo lɔ̃a nyatakakadiƒe siawo zazã ŋutɔ, eye wo dometɔ aɖewo siwo le hamea me wɔa nyatakakadiƒe siawo ŋu dɔ tsɔ ɖoa dze kple ame siwo gblɔna be Yehowa Ðasefowoe yewonye alo tsɔ dia kpeɖeŋutɔ si woava ɖe.
Ele bɔbɔe na ame si míedo go le Internet dzi be wòaflu mí ku ɖe ame si ŋutɔŋutɔ wònye, eƒe gbɔgbɔmenyenye, kple eƒe didiwo ŋu. (Ps. 26:4) Ame aɖe ate ŋu agblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye, evɔ le nyateƒe me la dzimaxɔsetɔ, ame si woɖe le hamea me, alo xɔsegbela si le didim vevie be yeagblẽ nu le Kristotɔwo ŋu yee wònye. (Gal. 2:4) Nyatakakawo ɖee fia be ɖeviwo gbɔdɔla geɖe zãa nyatakakadiƒe siawo tsɔ kena ɖeviwo ŋu.
Ne míeka ɖe edzi be tenɔnɔ nyui le ame siwo míeɖoa nyatakakawo ɖo ɖe le Internet dzi si le hamea gɔ̃ hã la, dzeɖoɖo to mɔ ma dzi ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be míava nɔ nya maɖɔʋuwo gblɔm. Ele alea, elabena ŋu mekpea amewo ne wole nu ƒom kple ame si woawo ŋutɔ womedo go ŋkume kple ŋkume o. Woate ŋu abu dzeɖoɖo le Internet dzi hã be enye ame ŋutɔ ƒe nya, eye be ame bubuwo, abe wo dzilawo alo hamemetsitsiwo ene, manya nu tso eŋu o. Nublanuitɔe la, mɔ sia ɖe sɔhɛ geɖe siwo dzilawo nye Kristotɔwo, eye wova zu ame siwo gblɔa nya ƒaƒãwo. (Ef. 5:3, 4; Kol. 3:8) Ame bubuwo tsɔa foto siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe didi ɖe ame me, megbeŋkɔ manyomanyowo, video dzi hadzidzi siwo me woɖea gbɔdɔdɔnuwɔnawo le la dea nyatakaka siwo wonana tso wo ɖokui ŋu le kɔmpiuta dzi la me.
Le nya siwo míegblɔ va yi ta la, ele be dzilawo nalé ŋku ɖe nu siwo wo viwo wɔna le kɔmpiuta dzi la ŋu. (Lod. 29:15) Afɔku le eme be míakpe ame aɖe si míenya o va míaƒe aƒe me alo aɖe mɔ be woa kple mía viwo ɖeɖe nanɔ anyi. Nenema kee afɔku le eme be míawo ŋutɔwo loo alo mía viwo nadze xɔlɔ̃ ame siwo míenya o le Internet dzi, nenye be ameawo gblɔna be Yehowa Ðasefowoe yewonye gɔ̃ hã.—Lod. 22:3.