Míedea Asixɔxɔ Míaƒe Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu!
1 Le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ vovovowo esubɔlawo. Ena mɔnukpɔkpɔ wo, eɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo, ɖeviwo alo ame tsitsiwoe wonye o, alo ɖoƒe ka kee ɖale wo si le agbe me o. (Luka 1:41, 42; Dɔw. 7:46; Fil. 1:29) Mɔnukpɔkpɔ kawoe wònaa mí egbea.
2 Míaƒe Mɔnukpɔkpɔ Aɖewo: Mɔnukpɔkpɔ su mía si be Yehowa fiaa nu mí. (Mat. 13:11, 15) Nyaŋuɖoɖo le hamea ƒe kpekpewo me atsɔ akafu Yehowa nye mɔnukpɔkpɔ bubu si ŋu míedea asixɔxɔe. (Ps. 35:18) Ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖo nya ŋu la, míeɖoa eŋu kple dzonɔameme. Nenema kee ne míekpɔa dɔdeasi ɖe sia ɖe si míexɔna le hamea me be enye bubu na mí la, míawɔe kple míaƒe ŋutete katã. Ðe míekpɔa gome le mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi na mí be míakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo kple beléle nɛ ŋu mea?
3 Togbɔ be ame miliɔn geɖe mekana ɖe edzi ne Mawu sea yewoƒe gbedodoɖawo loo alo mesea wo o hã la, míawo ya mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su mía si be Ame si nye Ame vevitɔ le xexe bliboa katã me ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo. (Lod. 15:29) Yehowa ŋutɔ ɖoa to esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo. (Pet. I, 3:12) Meɖo seɖoƒe ɖi na míaƒe gbedodoɖawo o. Nunana xɔasi kae nye esi su mía si be míetea ŋu doa gbe ɖa nɛ “le ɣeawokatãɣi me.”—Ef. 6:18.
4 “Mawu Ƒe Hadɔwɔlawo”: Mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ siwo sua mía si dometɔ ɖekae nye be míenye ‘Mawu ƒe hadɔwɔla’ siwo ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (Kor. I, 3:9) Dɔ siae hea dzidzɔ kple dzidzeme vanɛ na ame. (Yoh. 4:34) Mehiã be Yehowa nazã amegbetɔwo be woawɔ dɔ sia hafi o, gake ede dɔ sia asi na mí tsɔ ɖe ale si wòlɔ̃ míi la fia. (Luka 19:39, 40) Menye ame sia ame koe Yehowa tsɔa dɔ sia dea asi na o. Ele be ame siwo kpɔa gome le dutoƒosubɔsubɔdɔ sia me naɖo gbɔgbɔmenudidi aɖewo gbɔ ahalé wo me ɖe asi. (Yes. 52:11) Ðe míenaa subɔsubɔdɔa xɔa akpa vevi aɖe le dɔ siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa me tsɔ ɖenɛ fiana be míedea asixɔxɔ míaƒe mɔnukpɔkpɔa ŋua?
5 Mɔnukpɔkpɔ siwo Yehowa na mí naa dzidzeme geɖe mí le agbe me. (Lod. 10:22) Mele be míabu mɔnukpɔkpɔ siawo nu tsɛ gbeɖe o. Ne míeɖenɛ fiana be míedea asixɔxɔ subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ siawo ŋu vevie la, míaƒe nu adze mía Fofo si le dziƒo, ame si nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala la ŋu.—Yak. 1:17.