Dzo Nekpɔtɔ Nɔ Mewò Ðe Subɔsubɔdɔa Ŋu
1 Tso keke ƒe 1992 me ke la, Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo siwo wu biliɔn ɖeka ƒe sia ƒe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu dzonɔamemetɔe le xexea me godoo. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míawo hã míewɔa akpa sue aɖe le dɔ ɖedzesi sia wɔwɔ me!—Mat. 28:19, 20.
2 Nyateƒee, ele be akpedada kple kafukafua katã nayi na Yehowa, ame si lé mí ɖe te le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me la me. (Tim. II, 3:1) Nu kawoe míate ŋu awɔ bene míayi edzi anɔ gome kpɔm le dɔ vevi sia wɔwɔ me dzonɔamemetɔe?
3 Nu Si Naa Dzo Nɔa Mía Me: Lɔlɔ̃ deto si le mía si na Mawu kple mía haviwo kpakple didi vevie be míanɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu ye ʋãa mí le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Mat. 22:37-39; Yoh. I, 5:3) Lɔlɔ̃ ʋãa mí be míetsɔa nanewo saa vɔe bene míate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe.—Luka 9:23.
4 Dze Agbagba Nàna Be Dzo Nakpɔtɔ Anɔ Mewò: Míaƒe futɔ Abosam le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeana dzo si le mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la nu natsi. Ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me ƒe ɖekematsɔleme, xexe sia ƒe susuhenuwo, gbe sia gbe ƒe hloloetsotsowo, kple dzitsitsi ɖe míaƒe lãmesẽnyawo ŋu, nye nu siwo Abosam zãna be yeatsɔ aɖe dzi le mía ƒo la dometɔ ʋɛ aɖewo ko.
5 Eya ta ele be míadze agbagba vevie be dzo si le mía me la nu nagatsi o. Ele vevie be míatu míaƒe “gbã lɔlɔ̃” la ɖo. Esia bia be míanɔ Mawu ƒe Nya, Biblia, la xlẽm edziedzi ahanɔ ŋugble dem le eŋu, eye míana be gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo siwo katã “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” wɔ na mí la naɖe vi na mí bliboe.—Nyaɖ. 2:4; Mat. 24:45; Ps. 119:97.
6 Abe ale si Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia kɔte ene la, ŋkeke si Yehowa ɖo be yeatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo la le aƒe tum kabakaba. (Pet. II, 2:3; 3:10) Esi esiawo le susu me na mí nyuie ta la, mina míadze agbagba vevie be dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, eye míayi edzi anɔ gome kpɔm le xexea me katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔ si le edzi yim fifia la me!