INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/07 axa 8
  • Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ale Si Mawu Faa Akɔ Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • ‘Mifa Akɔ Na Konyifalawo Katã’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Akɔfafa Kple Dzideƒo—Nu Xɔasiwoe Wonye le Go Geɖe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 12/07 axa 8

Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã

1 Ameƒomea hiã akɔfafa egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Le míaƒe Fia, Kristo Yesu, ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, míawo hã míedzea agbagba be ‘míada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu.’—Yes. 61:1.

2 Ale Si Míawɔe: Be míafa akɔ na amewo le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, ele be míaƒe nyawo nada asɔ nyuie ahade dzi ƒo na ame. Míate ŋu aƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea kple ŋugbedodo fakɔname siwo Mawu na mí ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukua ŋu geɖe wu, ne míegblɔa nya ʋɛ aɖewo ko tso nu gbegblẽ wɔwɔ siwo le edzi yim le xexea me kple aʋatsodzixɔsewo ŋu. Ke hã, esia mefia be míagbe nuƒoƒo tso Harmagedon ŋu o. Míaƒe dɔdeasie nye be míaɖe gbeƒã “Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la,” eye ‘míaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwo be woakpɔ wo ɖokuiwo dzi tso woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.’ Ke hã, mele be nuxɔxlɔ̃ amewo tso Harmagedon ŋu kple nuƒoƒo tso ale si gbegbe eƒe nugbegblẽwo akeke tae ŋu natsyɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui si míeɖea gbeƒãe la dzi o.—Yes. 61:2; Xez. 3:18; Mat. 24:14.

3 Tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu: Míedoa go ame siwo ƒe dzi gbã le dɔléle, ame vevi aɖe ƒe ku, nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo, alo gakuxiwo ta la le afi sia afi. Esi míenye Kristo srɔ̃lawo ta la, ‘míaƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu,’ eye míeɖea veveseseɖeamenu fiaa ame siwo míedoa go le gbeadzi. (Luka 7:13; Rom. 12:15) Togbɔ be míaxlẽ mawunyakpukpui ɖeka alo eve aɖewo ku ɖe kuxia ŋu hã la, ele be ‘míaɖe abla le nusese me,’ si awɔe be wòaʋu mɔ na amea be wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ. (Yak. 1:19) Ne míeɖo to amea vɔ ko hafi míate ŋu asu te nyuie afa akɔ nɛ.

4 Ne dzeɖoɖoa le edzi yim la, míate ŋu agblɔ nɛ le afi si wòasɔ le be, “Medi be maxlẽ dzideƒonamenya aɖewo na wò le Biblia me.” Nuŋububu nyuie hiã ale be míaƒo asa na agbagbadzedze be míaɖɔ nya sia nya si amea gblɔ si mesɔ o la ɖo enumake. Nu si boŋ wòle be wòanɔ vevie na mí wue nye be míazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ ade dzi ƒo na amea ahafa akɔ nɛ. Be nàte ŋu awɔ esia la, kpɔ Reasoning From the Scriptures gbalẽa ƒe axa 117-121 ƒe tanya si nye “Encouragement [Dzideƒoname].” Alo àte ŋu atsɔ trakt si nye Akɔfafa na Blanuilélawo ƒe ɖeka ana aƒemenɔla ahadzro dzideƒonamenya siwo le eme la me kplii.

5 Di Mɔnukpɔkpɔwo Nàtsɔ Afa Akɔ Na Amewo: Ènya aƒelika, dɔwɔhati, sukuhati, alo ƒometɔ aɖe si hiã na akɔfafa? Ðe manyo be nàdze agbagba ayi aɖasrã ame siawo kpɔ le woƒe aƒewo me kple susu be nàtsɔ Ŋɔŋlɔa me nyawo afa akɔ na wo oa? Esi nènya nu si tae wohiã na akɔfafa ta la, àte ŋu adzra ɖo ɖe nɔnɔmeawo ŋu etɔxɛe. Nɔvi aɖewo toa lɛtaŋɔŋlɔ alo kaƒoƒo dzi wɔa esia. Lɔlɔ̃ vavã si le mía si na mía haviwo aʋã mí be míase veve ɖe wo nu, eye míatsɔ Ŋɔŋlɔa me nyawo afa akɔ na wo.—Luka 10:25-37.

6 Nyateƒee, wode dɔ asi na mí be míafa akɔ na ame siwo le konyi fam, ade dzi ƒo na ame siwo lé blanui, eye míana woanya be etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖe li. Akɔfafa siae amewo hiã le xexea me godoo. Nuƒoƒo tso nu nyui geɖe siwo ƒe ŋugbe Mawu do ŋu ana akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ dzi anukwaretɔwo. Mina míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be ehiã be, míada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe