Aleke Míate Ŋu Akpe Ðe Ŋkuɖodzia Valawo Ŋui?
1. Ðase sẽŋu kae míaɖi na amewo le March 22, 2008 dzi?
1 Le March 22, 2008, dzi la, míaɖi ɖase sẽŋu aɖe na ame miliɔn geɖe le xexea me godoo. Ŋkuɖodzia valawo ase nu tso lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia esime wòna tafe ɖe ameƒomea ta la ŋu. (Yoh. 3:16) Woasrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒe la kple ale si Yehowa azãe atsɔ ana eƒe tameɖoɖo nava eme le anyigba bliboa dzi la ŋu. (Mat. 6:9, 10) Woawo ŋutɔwo woakpɔ lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Mawu ƒe amewo dome kple míaƒe amedzrowɔwɔ teƒe.—Ps. 133:1.
2. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi siwo va Ŋkuɖodzia ŋui?
2 Biblia Nusrɔ̃viwo: Vavalawo dometɔ aɖewo anye ame siwo míete Biblia sɔsrɔ̃ kple eteƒe medidi o la. Ðe wo fia nɔviawo. Ƒo nu tso kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la ŋu na wo, eye nàkplɔ wo aɖi tsa le Fiaɖuƒe Akpata la me kpuie. Le nuƒoa me la, nuƒolaa ade dzi ƒo na ame siawo tɔgbi be woayi edzi awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Àte ŋu azã eƒe nuƒoa me nyawo atsɔ ade dzi ƒo na wò nusrɔ̃viawo.
3. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede siwo va Ŋkuɖodzia?
3 Ame Siwo Dzudzɔ Gbeadzidede: Vavalawo dometɔ aɖewo anye gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede. Te ɖe wo ŋu nàdo gbe na wo vividoɖeameŋutɔe. Ƒo asa na nya siwo ku ɖe ameawo ŋutɔ ŋu la biabia wo alo nya aɖe si ate ŋu aɖe fu na wo la gbɔgblɔ. Le Ŋkuɖodzia ɖuɖu megbe kpuie la, ele be hamemetsitsiwo nayi aɖasrã gbeƒãɖela siawo kpɔ, akafu wo ɖe agbagba siwo wodze te ŋu va la ta, eye woakpe wo vividoɖeameŋutɔe be woava kpekpe si akplɔe ɖo.
4. Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe ɖe vavala bubuwo ŋui?
4 Vavala Bubuwo: Vavalawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye míaƒe ame nyanyɛwo alo ƒometɔ siwo mía ŋutɔwo míekpe hena wɔna sia. Ame bubuwo ate ŋu anye ame siwo míekpe le amekpekpedɔ tɔxɛ la wɔwɔ me. Ne èkpɔ ame aɖewo siwo mèdze si o la, te ɖe wo ŋu nàɖe ɖokuiwò afia wo, eye nàdo dzaa na wo. Ate ŋu anye be womede míaƒe kpekpe aɖeke kpɔ o. Ne mia kpli wo miele dze ɖom la, àte ŋu abia wo ale si nàwɔ ake ɖe wo ŋu. Ne èyi ɖasrã wo kpɔ alo ƒo ka na wo kpuie ŋkeke ʋɛ aɖewo le Ŋkuɖodzia megbe la, àte ŋu ade dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ nu geɖe ahado Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe wo gbɔ.
5. Nya kawoe míate ŋu agblɔ atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme?
5 Míate ŋu azã Ŋkuɖodzinuƒoa me nyawo atsɔ aƒo nu tso Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu ne míele tɔtrɔyi wɔm. Le kpɔɖeŋu me, Ŋkuɖodzinuƒoa ƒola axlẽ Yesaya 65:21-23. Ne ètrɔ yi ame aɖe gbɔ la, àte ŋu agblɔ nɛ be, “Na magblɔ yayra bubu siwo tafea ana míakpɔ la na wò.” Emegbe midzro Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe axa 4-5 lia me. Alo àte ŋu agblɔ be, “Ame geɖe biana be, ɣekaɣie Yesaya ƒe nyagblɔɖinya siawo ava eme na mí mahã.” Emegbe midzro ta 9 lia ƒe memama 1-3 lia me. Mɔ bubue nye be nàhe amea ƒe susu ayi Ŋkuɖodzinuƒoa ƒola ƒe nya aɖewo dzi, nàƒo nu tso Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ŋu nɛ, eye nàwɔ ale si míewɔa nusɔsrɔ̃e la afiae.
6. Esi míele wɔwɔm ɖe se si Yesu de be míanɔ ŋku ɖom yeƒe ku dzi dzi la, mɔnukpɔkpɔ kawoe sua mía si?
6 Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nakpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo, gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede, kple ame bubu siwo va Ŋkuɖodzia ɖuƒe la ŋu. (Luka 22:19) Yehowa ayra ɖe agbagba ɖe sia ɖe si míadze adzi míaƒe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa ɖe edzi la dzi godoo.