INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/08 axa 1
  • ‘Dze Eƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Dze Eƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • “Va Dze Yonyeme”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Srɔ̃ Yesu—To Nufiafia Lɔlɔ̃tɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Wona Hehe Wo Be Woaɖi Ðase Tsitotsito
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 8/08 axa 1

‘Dze Eƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ’

1. Aleke míawɔ azu gbeƒãɖela kpɔdzidzedzewo?

1 Yesu mede rabiwo ƒe suku o, gake eyae nye Gbeƒãɖela gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ. Dzidzɔtɔe la, woŋlɔ Yesu ƒe subɔsubɔdɔ ŋuti nya ɖi bene wòaɖe vi na mí. Ne míedi be míazu gbeƒãɖela kpɔdzidzedzewo la, ele be ‘míadze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’—1 Pet. 2:21.

2. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatu lɔlɔ̃ si tɔgbi nɔ Kristo si na amewo ɖo?

2 Ðe Lɔlɔ̃ Fia Amewo: Lɔlɔ̃ na amewoe ʋã Yesu. (Mar. 6:30-34) Ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me la dometɔ geɖe ‘le veve sem,’ eye wole nyateƒea dim vevie. (Rom. 8:22) Ne míedea ŋugble tso nɔnɔme wɔnublanui si me wole kple ale si Yehowa tsɔ ɖe le eme na wo lɔlɔ̃tɔe ŋu la, aʋã mí be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi madzudzɔmadzudzɔe. (2 Pet. 3:9) Gakpe ɖe eŋu la, amewo alɔ̃ aɖo to mí ne wode dzesii be míetsɔ ɖe le eme na yewo vavã.

3. Ɣekaɣiwoe Yesu ɖe gbeƒã na amewo?

3 Ƒo Nu Na Amewo Le Mɔnukpɔkpɔ Ðe Sia Ðe Si Ʋu Ði La Me: Yesu wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si ʋu ɖi nɛ la ŋu dɔ tsɔ gblɔ nya nyui la na amewo. (Mat. 4:23; 9:9; Yoh. 4:7-10) Nenema kee míawo hã míedi be míanɔ dzadzraɖoɖi be míaƒo nu na amewo tso nyateƒea ŋu ne míele míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm. Gbeƒãɖela aɖewo tsɔa Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖe asi ale be woate ŋu aɖi ɖase le dɔ me, le suku, ne woyina nuƒleƒe, alo le nɔnɔme bubuwo me.

4. Aleke míawɔ be Fiaɖuƒea nanye tanya si ŋu míeɖea gbeƒã le?

4 Wò Susu Nenɔ Fiaɖuƒea Dzi: Fiaɖuƒea ŋuti nya nyui lae nye Yesu ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe tanya. (Luka 4:43) Togbɔ be ɖewohĩ míaƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu alo ayɔe tẽe le míaƒe ɖaseɖinya me o hã la, enɔa susu me na mí be míakpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu be wòakpɔ ale si wòhiãe ƒe vevienyenye adze sii. Nenye be ale si xexea me ƒe nɔnɔmewo gblẽe, si ɖee fia be míele ŋkeke mamlɛawo me, ŋue míele nu ƒom tsoe gɔ̃ hã la, “nu nyuiwo ŋuti nya nyui” la koŋ ye míeɖea gbeƒãe.—Rom. 10:15.

5. Bene míaƒe subɔsubɔdɔa nakpɔ dzidzedze la, akpa kae wòle be Biblia nawɔ?

5 Tu Wò Nyawo Ðe Mawu Ƒe Nya La Dzi: Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, ezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo kpe eƒe nyawo dzi. Mefia naneke le eɖokui si o. (Yoh. 7:16, 18) Etsɔ Mawu ƒe Nya la nyi eɖokui, eye wozãe esime Satana tee kpɔ. (Mat. 4:1-4) Bene míate ŋu afia nu amewo nyuie la, ele be míanɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe eye mía ŋutɔwo míanɔ emenyawo dzi wɔm. (Rom. 2:21) Ne míele nyawo ŋu ɖom le gbeadzi la, ele be míayɔ Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖo kpe míaƒe nyawo dzi, eye míaxlẽ wo tso Biblia ŋutɔ me tẽe ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Míedi be aƒemenɔlaa nade dzesii be menye mía ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo ko gblɔm míele o, ke boŋ míetu míaƒe nyawo ɖe Mawu ƒe susuwo dzi.

6. Nu kae Yesu wɔ ale be eƒe nyawo de dzi gbɔ na eƒe nyaselawo?

6 Wò Nufiafiawo Neɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.” (Yoh. 7:46) Nenemae asrafo siwo nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo dɔ be woayi aɖalé Yesu la gblɔ tso eŋu esi wobia wo susu si ta womete ŋu lée vae o. Yesu fia nu le mɔ aɖe si ana eƒe nyawo nade ame siwo wòfia nui la ƒe dzi gbɔ la nu, tsɔ wu be wòanɔ nyateƒenyawo ko gblɔm na wo. (Luka 24:32) Ezã kpɔɖeŋu siwo ku ɖe agbe me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋu tsɔ de agbe eƒe nyawo me. (Mat. 13:34) Yesu melɔ nya gbogbo aɖewo kɔ ɖe eƒe nyaselawo dzi o. (Yoh. 16:12) Ehe amewo ƒe susu yi Yehowa dzi, ke menye eɖokui dzi o. Abe Yesu ene la, ne ‘míeléa ŋku ɖe míaƒe nufiafia ŋu’ ko hafi míate ŋu azu nufiala nyuiwo.—1 Tim. 4:16.

7. Nu ka tae Yesu yi eƒe subɔsubɔdɔa dzi?

7 Yi Edzi Ne Ðekematsɔleme Kple Tsitretsiɖeŋu Li Hã: Togbɔ be Yesu wɔ nukunuwo hã la, ame geɖe meɖo toe o. (Luka 10:13) Yesu ƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã susui be ‘eƒe tagbɔ nɔ gbegblẽm.’ (Mar. 3:21) Ke hã, Yesu yi eƒe dɔa wɔwɔ dzi. Nukpɔsusu nyui kpɔtɔ nɔ esi ɖe dɔa ŋu, elabena eka ɖe edzi bliboe be nyateƒe si ana ablɔɖe amewo lae le ye si. (Yoh. 8:32) Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míawo hã míeɖoe kplikpaa be míana ta o.—2 Kor. 4:1.

8, 9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le nanewo tsɔtsɔ asa vɔe ɖe nya nyuia ta me?

8 Ne Ehiã La, Tsɔ Nanewo Sa Vɔe Bene Nàkpɔ Gome Le Eme Bliboe: Yesu tsɔ eƒe ŋutilãmenudzedziname sa vɔe ɖe subɔsubɔdɔa ta. (Mat. 8:20) Eɖe gbeƒã ɖeɖimateameŋutɔe, eye ɣeaɖewoɣi la, ewɔnɛ va se ɖe esime zã do. (Mar. 6:35, 36) Yesu nyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe nɔ ye si yeatsɔ awɔ dɔa ade goe. Esi “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” ta la, ehiã be míawo hã míatsɔ mía ŋutɔwo ƒe ɣeyiɣiwo, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo asa vɔe, abe ale si Yesu wɔe ene.—1 Kor. 7:29-31.

9 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me, elabena wosrɔ̃ nu tso Yesu gbɔ. (Dɔw. 4:13) Míawo hã míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe ne míesrɔ̃ Gbeƒãɖela gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ.—2 Tim. 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe