INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/08 axa 8
  • Fa Akɔ Na Ame Siwo Le Konyi Fam

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fa Akɔ Na Ame Siwo Le Konyi Fam
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akɔfafa Si Tso “akɔfafawo Katã Ƒe Mawu” La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Agbalẽ Gbadza Yeyea Zazã Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • “Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 4/08 axa 8

Fa Akɔ Na Ame Siwo Le Konyi Fam

1. Nu ka tae ame siwo le konyi fam la hiã na akɔfafa?

1 Ame vevi aɖe ƒe ku nye nu si tena ɖe ame dzi ŋutɔ, vevietɔ le ame siwo si Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa mele o gome. (1 Tes. 4:13) Ame geɖewo biaa wo ɖokuiwo be: ‘Nu ka tae amewo kuna? Afi kae woyina? Ðe magakpɔ nye ame vevi si ku la akea?’ Ale si míafa akɔ na ame siwo míedoa go le gbeadzi siwo le konyi fam le woƒe ƒometɔ alo wo xɔlɔ̃ aɖe ƒe ku ta la ŋuti ɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esi gbɔna.—Yes. 61:2.

2. Ne aƒemenɔla aɖe gblɔ na mí be yele nu xam vevie la, ɖe wòle be míadze agbagba ɣesiaɣi be míaɖi ɖase nɛ ɣeyiɣi didi aɖea?

2 Tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu: Aƒemenɔla aɖe ate ŋu agblɔ na mí be ɖeko yeƒe ƒometɔ aɖe ku enye ema. Ðe wòtɔtɔ le eɖokui mea? Ðe aƒea me yɔ fũu kple ƒometɔ siwo le nu xam veviea? Le go sia me la, anyo be míaƒe ɖaseɖiɖi nanɔ kpuie. (Nyagb. 3:1, 7) Ðewohĩ míate ŋu ado baba nɛ, ana trakt, magazine, alo agbalẽ gbadza aɖe si sɔ lae, eye míado taflatse adzo le egbɔ. Emegbe míate ŋu atrɔ ayi le ɣeyiɣi si sɔ nyuie wu dzi, eye míagblɔ akɔfanamenya geɖe wu tso Biblia me nɛ.

3. Ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, mawunyakpukpui kawoe míate ŋu axlẽ na aƒemenɔla aɖe si le nu xam?

3 Le ame bubuwo gome la, ɖewohĩ míade dzesi be míate ŋu agblɔ nya geɖe le wo gbɔ yiyi zi gbãtɔ me. Togbɔ be menye ɣeyiɣi sia mee míatsi tsitre ɖe ameawo ƒe nukpɔsusu manyomanyowo ŋu o hã la, míate ŋu axlẽ tsitretsitsi ƒe ŋugbe si Biblia do la na wo. (Yoh. 5:28, 29) Alo míate ŋu agblɔ nu si Biblia gblɔ tso nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la na wo. (Nyagb. 9:5, 10) Biblia me nuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe ame aɖe si wofɔ ɖe tsitre ŋu xexlẽ hã ate ŋu afa akɔ na wo. (Yoh. 11:39-44) Nu bubu si míagate ŋu awɔe nye be míadzro ale si nuteƒewɔla Hiob ɖe mɔkpɔkpɔ si le esi ɖe Yehowa me gblɔ la me kpli wo. (Hiob 14:14, 15) Hafi míadzo le wo gbɔ la, míate ŋu ana Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, agbalẽ gbadza bubu, alo trakt ɖe sia ɖe si sɔ la wo. Míate ŋu ana Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa wo, ahe woƒe susu ayi nya siwo le ta 6 lia me la dzi, eye míawɔ ɖoɖo kpli wo be míava adzro nyatia me ayi ŋgɔ ne míetrɔ va.

4. Mɔnukpɔkpɔ bubu kawo hã ŋu dɔe míate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na amewo?

4 Le Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo Me: Ðe dzimaxɔsetɔwo ava Fiaɖuƒe Akpataa me esime wole kukɔnu alo kunu wɔm le afi ma? Ekema woate ŋu awɔ ɖoɖo be agbalẽ siwo naa akɔfafa ame la nanɔ anyi na wo. Tsɔ Biblia kple agbalẽ aɖewo ɖe asi ɣesiaɣi ne èyina kuteƒe aɖe, eye nànɔ klalo agblɔ akɔfanamenya aɖewo na konyifalawo. (1 Pet. 3:15) Edzɔa dzi na dɔwɔla siwo le teƒe siwo wowɔa kunuwo le be agbalẽ siwo sɔ nanɔ anyi woana ƒometɔ siwo ame ku na la. Ɣeaɖewoɣi la, gbeƒãɖelawo wɔ kugbeƒãɖeɖe siwo dzena le nyadzɔdzɔgbalẽwo me la ŋu dɔ eye woŋlɔ akɔfanamelɛta kpui aɖe na ƒometɔ siwo dzi ku dzɔ ɖo. Eva dzɔ ɣeaɖeɣi be esi aho aɖe kple vianyɔnu woxɔ lɛta aɖe si me trakt aɖewo nɔ la, woyi ɖe gbeƒãɖela si ɖoe ɖe wo la ƒe aƒe me eye wobia be: “Miawoe ɖo lɛta sia ɖema? Azɔ medi be manya nu geɖe tso Biblia ŋu!” Ŋutsua kple vianyɔnua lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple yewo, eye wote hamea ƒe kpekpeawo dede.

5. Nu ka tae wòle be míadi mɔnukpɔkpɔwo atsɔ afa akɔ na ame siwo le konyi fam?

5 Nyagblɔla 7:2 gblɔ be: “Kuteƒeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi.” Eya ta ne míeɖoe be míayi kuteƒe aɖe la, mína míayi le tameɖoɖo aɖe ta. Mina mí katã míadi mɔnukpɔkpɔ siwo sɔ atsɔ afa akɔ na ame siwo le konyi fam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe