“Na Te Ðe Yehowa Ŋu Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Naɖe Vi Na Wò”
1. Aleke wokpe ɖe mía ŋu míete ɖe Yehowa ŋui?
1 Le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpewo me la, edzɔ dzi na mí ŋutɔ esi míexɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu. Ame geɖe xlẽ agbalẽa le exɔxɔ vɔ megbe teti. Le ƒe 2004 me la, mɔnukpɔkpɔ su mí katã si míesrɔ̃ agbalẽ sia le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe le ɖekawɔwɔ me kple ƒe 2003 ƒe mawunyakpukpuia si gblɔ be, “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yak. 4:8.
2. Aleke míawɔ akpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa sɔsrɔ̃ me?
2 Tso February me la, Eʋegbe hamewo kple ƒuƒoƒowo katã agadze Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme ake le Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me. Aleke míawɔ akpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso nusɔsrɔ̃a me? Nu vevitɔe nye be míadzra ɖo nyuie. Míazã kwasiɖa etɔ̃ ɖe ta ɖe sia ɖe sɔsrɔ̃ ŋu, si awɔe be memama ʋɛ aɖewo koe míasrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Esia ana ɣeyiɣi nanɔ anyi na ŋuɖoɖo ʋãme siwo nàna esi nèsrɔ̃ nyatia hede ŋugble le eŋu nyuie vɔ megbe. Hekpe ɖe eŋu la, memama siwo woakpe ɖo le kwasiɖa si me woawu nusɔsrɔ̃a ƒe ta ɖe sia ɖe nu la le ʋɛ wu ale be ɣeyiɣi nanɔ anyi na agbalẽa ƒe akpa tɔxɛ aɖe me dzodzro.
3. Aleke míawɔ agbalẽa ƒe akpa tɔxɛawo ŋu dɔe?
3 Tso ta 2 lia dzi la, aɖaka si nye “Biabiawo Hena Ŋugbledede” dze le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu lɔƒo. Le taa ƒe memama mamlɛtɔ me dzodzro megbe la, míadzro aɖakaa me, eye míana kutsetse nyui siwo do tso ŋugbledede le Ŋɔŋlɔawo ŋu me la nadze nyuie. (Lod. 20:5) Hekpe ɖe biabia siwo le aɖakaa me ŋu la, ɣeaɖewoɣi woate ŋu abia nya bubuwo akpee, abe esiawo ene: “Nu kae nya sia le gbɔgblɔm na wò tso Yehowa ŋu? Aleke wòku ɖe wò agbenɔnɔ ŋui? Aleke nàte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?” Taɖodzinuae nye be woana nɔviwo naɖe woƒe dzimenyawo agblɔ, menye be woawɔe wòanye dodokpɔ na hamea le nya suesuewo didi me o.
4. Nu ka tae agbalẽ sia le etɔxɛe?
4 Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa le etɔxɛe. Togbɔ be “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo katã kɔa Yehowa ŋu hã la, wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu bliboe be wòadzro Yehowa ƒe nɔnɔmewo me koŋ. (Mat. 24:45-47) Mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye esi le ŋgɔ na mí! Aɖe vi na mí geɖe be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe amenyenye ŋu wòade to wu. Neva eme be nusɔsrɔ̃a nakpe ɖe mía ŋu míate ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu geɖe wu, eye neva eme be míabi ɖe edzi le kpekpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woate ɖe eŋu me.