Zã Subɔ Mawu Gbalẽa Nàtsɔ Awɔ Biblia Nusɔsrɔ̃e
1. Taɖodzinu ka tae wota Subɔ Mawu gbalẽa ɖo?
1 Wotrɔ asi le Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La ƒe agbalẽa ŋu be wòakpe ɖe ame yeyewo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi le nyateƒea me eye wòadzi woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu ɖe edzi. Woate ŋu asrɔ̃ agbalẽ sia kple Biblia nusrɔ̃viwo wòanye nusrɔ̃gbalẽ evelia. June 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 4 lia gblɔ be: “Ne edze abe amea le ŋgɔyiyi wɔm togbɔ be mele tsɔtsɔm o hã eye wòva le ŋudzedze kpɔm ɖe nu si srɔ̃m wòle ŋu la, ekema yi Biblia nusɔsrɔ̃a dzi kplii le agbalẽ evelia aɖe me.”
2, 3. (a) Ame kawoe agbalẽ sia sɔsrɔ̃ aɖe vi na? (b) Nu kae wòle be míawɔ ne míaƒe nusrɔ̃vi aɖe xɔ nyɔnyrɔ hafi awu Biblia ƒe Nufiafia loo alo Subɔ Mawu gbalẽawo nu?
2 Ne èda ŋku ɖe Subɔ Mawu gbalẽa me la, àkpɔe be menye ame siwo dze nusɔsrɔ̃ gɔme teti ye wotrɔ asi le eŋu na o. Ame siwo srɔ̃ Biblia me nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafiawo xoxo ye wotae na. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu Mawu ƒe Nyaa me gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽwo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me naɖe vi na mí. Agbalẽ sia akpe ɖe mía ŋu míaƒe Ŋɔŋlɔawo gɔme sese nayi ŋgɔ ahade to ɖe edzi eye míawɔ wo ŋu dɔ geɖe wu le míaƒe agbenɔnɔ me.—Heb. 5:13; 6:1.
3 Esia fia be, ele be Biblia nusrɔ̃viwo nasrɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa gbã. Esia megbe la, woasrɔ̃ agbalẽ evelia si nye Subɔ Mawu gbalẽa. Ele be woabu gaƒoƒo, tɔtrɔyi, kple Biblia nusɔsrɔ̃ le nusɔsrɔ̃a dzi yiyi me, togbɔ be nusrɔ̃via xɔ nyɔnyrɔ hafi awu agbalẽ evelia sɔsrɔ̃ nu gɔ̃ hã.
4. Mɔ kawo nue agbalẽ sia sɔsrɔ̃ aɖe vi na ƒewuiviwo le?
4 Agbalẽ sia nye dɔwɔnu nyui aɖe si míazã atsɔ akpe ɖe ƒewuiviwo ŋu woawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Togbɔ be wonya nyateƒea ƒe gɔmedzenufiafiawo xoxo eye ɖewohĩ wokpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hã la, ne wova le susu siwo le megbe na Yehowa ƒe nudidiwo gɔme sem la, woƒe dzidzɔ adzi ɖe edzi eye woakpɔ dzidzɔ geɖe wu le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ me. Agbalẽ sia akpe ɖe wo ŋu woate ŋu aƒo nu tso nyateƒea ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me, ade ŋugble tso ŋɔŋlɔawo ŋu ahakpɔ ale si nu siawo akpe ɖe wo ŋu le nyametsotso nyuiwo wɔwɔ me adze sii.—Tsɔe sɔ kple 1 Mose 18:19.
5. Ne míewɔ Subɔ Mawu gbalẽa ŋu dɔ nyuie la, nu kae ate ŋu ado tso eme?
5 Ame kawo hãe Subɔ Mawu gbalẽa sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi na? Ne ènya ame aɖewo siwo srɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa va yi gake womete ŋu wɔ ŋgɔyiyi ɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ o la, ɖewohĩ àdi be yeate ɖe wo ŋu akpɔe ɖa be woadi be yewoagadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme hã. Mina míawɔ Subɔ Mawu gbalẽa ŋu dɔ nyuie be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woawɔ ɖeka kpli mí le Mawu vavã ɖeka kolia la subɔsubɔ me.