Míaƒe Subɔsubɔdɔa—Enye Lɔlɔ̃ Si Le Mía Si Na Mawu Ðeɖe Fia
1. Nu kae lɔlɔ̃ si le Yesu si na Mawu ʋãe wòwɔ?
1 Lɔlɔ̃ ʋã Yesu wòwɔ eƒe subɔsubɔdɔa de goe. Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa nye lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o. Yesu gblɔ be: “Be xexea nanya be melɔ̃ Fofo la, abe ale si tututu Fofo la de se nam be mawɔ ene la, nenemae mele ewɔm.” (Yoh. 14:31) Abe Yesu ƒe afɔtoƒewo yomedzelawo ene la, mɔnukpɔkpɔ su míawo hã si be míaɖe lɔlɔ̃ deto si le mía si na Mawu la afia le míaƒe subɔsubɔdɔa me.—Mat. 22:37; Ef. 5:1, 2.
2. Aleke lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míewɔa míaƒe subɔsubɔdɔae?
2 “Wò Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ”: Ne míewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ dzonɔamemetɔe tsɔ ƒoa nu tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒeɖoɖoa ŋu na amewo la, ekema míele lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la ɖem le fiafiam, eye míetoa mɔ sia dzi kpea asi ɖe eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu. (Ps. 83:19; Xez. 36:23; Mat. 6:9) Abe ale si wònɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gome ene la, míaƒe subɔsubɔdɔa nye mɔ si dzi míetona nɔa míaƒe didi vevi si nye be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kple be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ɖem nɔ fiafiam.—Mat. 26:39.
3. Mɔ ka nue lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míaɖu mɔxenuwo dzi le?
3 Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míeɖua Mɔxenuwo Dzi: Lɔlɔ̃ na Yehowa ɖua mɔxenu ɖe sia ɖe dzi. (1 Kor. 13:4, 7) Yesu do go nɔnɔme geɖe siwo ate ŋu axe mɔ nɛ be mawɔ eƒe subɔsubɔdɔa ade goe o hafi. Gake ne edo go mɔxenuwo la, lɔlɔ̃ deto si le esi na Yehowa kple didi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu doa ŋusẽe wòɖua wo dzi. (Mar. 3:21; 1 Pet. 2:18-23) Míawo hã míedoa go nɔnɔme sesẽ geɖewo, gake lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi. Ne míedzea kpɔɖeŋu siwo Kristo ɖo ɖi la yome pɛpɛpɛ la, dzi anɔ mía ƒo eye ŋɔ madzi mí le míaƒe subɔsubɔdɔa me o, eye míawɔe ade goe. Togbɔ be ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, lãmegbegblẽ, tsitsi, alo amewo ƒe ɖekematsɔleme ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi hã la, esiawo mexea mɔ na mí be míadzudzɔ lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la ɖeɖe fia to míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ nyuie ale si míate ŋui me o.
4. Mɔnukpɔkpɔ kae míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ʋu ɖi na mí?
4 Lɔlɔ̃ ƒoa nuwo katã ta, eye yayra wònye na mí be mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu, si tso luʋɔ blibo me, afia le míaƒe subɔsubɔdɔa me. (1 Kor. 13:13) Esi míele ɣeyiɣi si me woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la gogom kabakaba ta la, neva eme be ‘míaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu.’—Fp. 1:9; Mat. 22:36-38.