‘Tsɔ Wò Luʋɔ Ke’ Ðe Wò Nusrɔ̃viwo Ta
1. Nu kae kpekpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu bia?
1 Be woakpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòawɔ ŋgɔyiyi aɖe adzɔgbe la, ebia nu geɖe wu Biblia sɔsrɔ̃ kplii edziedzi ko. Apostolo Paulo tsɔ ƒomedodo si nɔ woa kple ame siwo wòfia nui dome la sɔ kple ale si vidada si le no nam léa be na viawo. Edzɔa dzi na míawo hã be míatsɔ “mía ŋutɔwo ƒe luʋɔwo” ake bene míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu woatsi le gbɔgbɔ me.—1 Tes. 2:7-9.
2. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le eme na míaƒe nusrɔ̃viwo vevie, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?
2 Tsɔ Ðe Le Eme Na Wo Vevie: Ne Biblia nusrɔ̃vi tsɔ nu siwo srɔ̃m wòle le dɔwɔwɔ me dem la, eƒe dzitsinya aʋãe be wòadzudzɔ hadede kplikplikpli kple ame siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu o la. (1 Pet. 4:4) Ate ŋu adzɔ hã be eƒe ƒometɔwo nagbee. (Mat. 10:34-36) Míate ŋu akpe ɖe eŋu wòaɖu ale si wòase le eɖokui me be yetsi akogo la dzi to ɖetsɔleme ŋutɔŋutɔ ɖeɖe fiae me. Dutanyanyuigblɔla kpɔnuteƒe aɖe ɖo aɖaŋu be: “Mègatsi klokloklo nàdzo le nusrɔ̃via gbɔ ne nusɔsrɔ̃a wu enu o. Ne anya wɔ la, nɔ egbɔ nàɖo dze kplii vie.” Nɔ klalo na kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ nanae. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu ayɔe le telefon dzi alo ayi aɖasrãe kpɔ ne edze dɔa? Ðe nàte ŋu anɔ wò nusrɔ̃via gbɔ le kpekpeawo me eye nàna kpekpeɖeŋui le viawo gbɔ kpɔkpɔ me ne esɔa?
3. Nu kawoe míate ŋu awɔ bene hamea me tɔwo nate ŋu ade dzi ƒo na míaƒe nusrɔ̃viwo?
3 Kpekpeɖeŋu Si Hamea Ana: Ne miele gbeƒã ɖem le teƒe aɖe si gogo wò nusrɔ̃via gbɔ la, ɖe manyo be nàyi aɖasrãe kpɔ kpuie ahaɖe mia kple gbeƒãɖela si le gbeadzi la afiae oa? Ne èyina nu srɔ̃ ge kplii la, nɔ gbeƒãɖela vovovowo, hamemetsitsiwo hã le eme, kplɔm nɔ egbɔ yim ne anya awɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le nusɔsrɔ̃a ɖoɖo anyi megbe kpuie la, kpe Biblia nusrɔ̃via be wòade kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpata me. Esia ana wòava nɔ ha tuameɖowo dem kple hamea me tɔwo, siwo ate ŋu ava zu eƒe gbɔgbɔmeƒometɔwo.—Mar. 10:29, 30; Heb. 10:24, 25.
4. Teƒeɖoɖo kae míate ŋu akpɔ tso kutri siwo míekuna me?
4 Dzila si tsɔ kutrikuku geɖe na gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu viawo la kpɔa dzidzɔ ne ekpɔ wo wotso nya me va le Yehowa ƒe akpa dzi hele zɔzɔm le nyateƒea me. (3 Yoh. 4) Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ma tɔgbi ne míeyi edzi tsɔ míaƒe luʋɔwo ke be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu.